Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 21:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 eye esi míekpɔ ʋua ɖe, si tso ƒu yina Foinike la, mieɖoe heho yi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Le Patara la, míeɖo tɔdziʋu aɖe si nɔ Foenisia si le Siria nuto me yim.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 21:2
5 Referans Kwoze  

Eye afima aʋafia la kpɔ Aleksandria-ʋua ɖe, si yina ɖe Italia, eye wòna mieɖoe.


Azɔ woawo la, esi hame la dɔ wo ɖa la, woto Foinike kple Samaria hele trɔ̃subɔlawo ƒe tɔtrɔŋutinya xlẽm fia. Eye wòzu dzidzɔ gã na nɔviawo katã.


Azɔ amesiwo ka hlẽ le xaxa, si va le Stefano ŋuti me la, tso me yi vaseɖe Foinike kple Kipro kpakple Antioxia, ke womegblɔ; nya la na amea ɖeke o, negbe na Yudatɔwo ɖeɖe ko.


Ke Yona tso, be yeasi le Yehowa ŋku me ayi Tarsis. Eye esi wòva Yafo, eye wòkpɔ ʋua ɖe, si le Tarsis yi ge la, exe fe, eye wòɖoe, be yeasi atso Yehowa ŋku me ayi Tarsis kpli wo.


Eye esi Kipro le dzedzem, eye míeɖee ɖe mia me la, míeyi Siria; eye míeɖi go ɖe Tiro; elabena afima ʋua le eƒe agbawo ku ge ɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite