Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 20:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Nyemedi amea ɖeke ƒe klosalo alo sika alo awu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

33 Nyemebiã ŋu ɖe ame aɖeke ƒe klosalo alo sika alo awu ŋu o.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 20:33
13 Referans Kwoze  

elabena nɔvi, siwo tso Makedonia va la, na nusiwo hiãm la, wòsɔ gbɔ de nunye, eye mekpɔ ɖokuinye dzi le nusianu me, bene nyemaganye agba na mi o, eye magakpɔ ɖokuinye dzi.


Ne ame bubuwo kpɔ ŋusẽ sia ƒe gome ɖe mia dzi la, ɖe miawo míekpɔe wu woawo o mahã? Gake miewɔa ŋusẽ sia ŋuti da o, hafi míetsɔa wo katã kpoo boŋ, bene míagaxe mɔ na Kristo ƒe nyanyuie la o.


Azɔ ɖe, nukae nye nye fetua? Eyae nye bena, nye amesi le nyanyuie la gblɔm la, mana fetu naganɔ nyanyuie la ŋuti o, bene nyemagawɔ nye ŋusẽ la ŋuti do le nyanyuie lã ŋuti o.


Miʋu mia ɖokui na mí! Miewɔ vɔ̃ ɖe amea ɖeke ŋuti o, miegblẽ amea ɖeke o, mieha amea ɖeke o.


Elabena womekpɔ mi ɣeaɖekeɣi míele numevivinyawo gblɔm, eye míele alakpa hã dam le ŋukeklẽ ta kpɔ o, abe alesi mienyae ene. Mawue nye ɖaseɖila!


Ke nye la nyemewɔ nusiawo ƒe ɖeke ŋuti dɔ kpɔ o; eye nyemeŋlɔ nusiawo, bene woawɔ nenema nam o; elabena ne meku la, anyo nam awu esi amea ɖe naɖi gbɔ nye kafukafu.


Minyi Mawu ƒe alẽha, si le mia dome, eye mikpɔ edzi; menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu nu; menye le viɖe ƒoɖi ta o, ke boŋ kple dzi faa;


Tete dɔme ve Mose ŋutɔ, eye wògblɔ na Yehowa bena: Megatrɔ ɖe woƒe vɔsa la ŋu o! Nyemexɔ tedzi ɖeka hã le wo si o, eye nyemewɔ vɔ ɖe wo dometɔa ɖeke ŋu hã o.


Alo ɖe míekpɔ ŋusẽ be, míaɖu nu, eye míano nu oa?


Alo ɖe esi mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi, bene woado miawo ɖe dzi la, ɖe mewɔ nuvɔ̃ bena, megblɔ Mawu ƒe nyanyuie la fia mi fetu maxɔmaxɔe mahã?


Elabena eƒe ŋkɔ la ŋuti wodo go yi ɖo, eye womexɔa naneke le trɔ̃subɔlawo si o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite