Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 20:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Menya bena, le nye dzodzo megbe la amegãxi nyanyrawo laɖo mia dome, amesiwo makpɔ alẽha la ta o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 Menya nyuie be ne medzo la, aʋatsonufiala aɖewo ava ɖo mia dome abe amegaxi wɔadãwo ene, eye woadze agbagba be yewoagblẽ nu le alẽha si nye hamea la ŋu.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 20:29
18 Referans Kwoze  

Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti, amesiwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽwo me, eva le wo me la wonye amegãxi nyanyrãwo.


Ke aʋatsonyagblɔɖilawo va tsi tre le dukɔ la dome, abe alesi aʋatsonufialawo lava míawo hã mia dome ene, amesiwo latsɔ gbegblẽ ƒe kɔmamãwo ava tra ɖe eme dzaa, eye woagbe nu le Aƒetɔ, si xe fe ɖe wo ta la gbɔ, eye woahe gbegblẽ kpatakpata ava wo ɖokui dzi.


Eyaŋuti mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi Aƒetɔ ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ ƒe ʋu la.


Nyee nye alẽkplɔla nyui la, alẽkplɔla nyui la tsoa eƒe agbe ɖoa anyi ɖe alẽawo ta. Eye amesi nye agbatedɔwɔla, eye menye alẽkplɔla o, amesi alẽawo menye eya ŋuta tɔ o la, kpɔa amegãxi gbɔna, eye wògblẽa alẽawo ɖi, eye wòsina, eye amegãxi la léa alẽawo, eye wòka wo gbẽ;


Miheyi! Kpɔ ɖa, mele mia dɔm abe alẽviwo ene ɖo ɖe amegãxiwo dome.


Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene.


Baba na lãkplɔvi dzodzro, si gblẽ lãha la ɖe ya me! Yi neva eƒe alɔ kple eƒe ɖusi ŋku dzi! Eƒe alɔ aƒu kplakplakpla, eye eƒe ɖusl ŋku agbã.


Yehowa be: Baba na lãkplɔvi, siwo tsrɔ̃ nye lãnyiƒe ƒe alẽwo, eye woka wo hlẽ la!


Eƒe amegawo le eme abe dzata ɖegbe ene, eye eƒe ʋɔnuɖrɔ̃lawo le abe amegãxi, siwo le zã me, eye womekpɔtɔa naneke ɖi na ŋdi o la ene.


Fɔ kɔ dzi nakpɔ amesiwo tso anyiehe gbɔna la ɖa! Afika wò lãha, siwo wotsɔ na wò, wò alẽha nyoawo le?


Eƒe amegãwo le abe amegãxi lénuwo ene le eme, ne wòakɔ ʋu ɖe anyi, woatsrɔ̃ amewo, eye woakpɔ viɖe.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Esi nye alẽwo zu nuhaha, eye nye alẽwo zu nuɖuɖu na gbemelãwo katã, elabena kplɔlaa ɖeke meli o, eye nye lãkplɔviwo mebiaa nye alẽwo ta sena o, lãkplɔviawo nyi woawo ŋutɔ ɖokui, eye wogbe nye alẽwo nyinyi la,


Le woƒe alɔ ƒe toyiyi me la woaxɔ na wo vie, eye ame geɖewo atsɔ numevivi aku ɖe wo ŋu.


Ha sue, megavɔ̃ o! Elabena edze mia Fofo la ŋu be, yeatsɔ fiaɖuƒe la na mi.


Azɔ esi woɖu nu vɔ la, Yesu gblɔ na Simon Petro bena: Simon, Yona vi, èle lɔ̃yem wu nenem me siawo mahã? Egblɔ nɛ bena: Ẽ, Aƒetɔ, wòe nyae bena, nyemelɔ̃a nu gbɔwò o. Egblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽviawo.


Minyi Mawu ƒe alẽha, si le mia dome, eye mikpɔ edzi; menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu nu; menye le viɖe ƒoɖi ta o, ke boŋ kple dzi faa;


alesi wogblɔ na mi bena: Le nuwuwu ɣeyiɣiawo me la fewuɖula, siwo zɔna le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzro vlowo nu la le vava ge.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite