Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 20:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eyaŋuti mele ɖase ɖim na mi le egbe ŋkeke sia dzi bena, ŋutinye kɔ tso amewo katã ƒe ʋu me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Medi be magblɔ na mi kɔtɛe be womele ame aɖeke ƒe ʋu bia ge tso asinye o,

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 20:26
14 Referans Kwoze  

Ke esi wole nya ŋem ɖe enu, eye wole busunyawo gblɔm la, eʋuʋu eƒe awuwo me hegblɔ na wo bena: Miaƒe ʋu nava mia ŋutɔwo miaƒe ta dzi: nye la ŋutinye kɔ; tso esia dzi la mayi ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ.


Azɔ ameha, si le eŋuti la, ɖi ɖase bena, eya Lazaro tso yɔdo me, eye wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.


Elabena mele ɖase ɖim bena, woa ŋutɔwo lɔ̃ na nu faa alesi wote ŋui, eye wona nu wu alesi wote ŋui hã.


Miʋu mia ɖokui na mí! Miewɔ vɔ̃ ɖe amea ɖeke ŋuti o, miegblẽ amea ɖeke o, mieha amea ɖeke o.


Ke nye la meyɔ Mawu, ne woanye ɖaseɖila na nye luʋɔ bena, esi mekpɔ miaƒe nublanui la ŋutie nyemeva Korinto haɖe o,


Elabena mele ɖase ɖim na wo bena, wole ŋu ʋãm ɖe Mawu ŋu, gake menye kple sidzedze o.


Eye amesi kpɔe la, ɖi ɖase, eye eƒe ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe, eye ame ma nyae bena, yegblɔ nyateƒe, bena miawo hã miaxɔe ase.


Kpɔ ɖa, nye ɖasefo le dziƒo fifia hã, eye tanyeʋlila le dzi!


Ke esi Dawid va see la, egblɔ bena: Mia kple nye fiaɖuƒe la míeɖi fa le Abner, Ner vi ƒe ʋu me o le Yehowa ŋku me tegbee.


Megaɖo asi ame dzi kabakaba o, eye megakpɔ gome le ame bubuwo ƒe nuvɔ̃wo me o. Lé ɖokuiwò dzadzɛ.


Megblɔe na mi egbea, ke mieɖo to Yehowa, mia Mawu la ƒe gbe le nusiwo katã ŋuti wòɖom ɖe mia gbɔ ɖo la me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite