Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 20:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye azɔ, kpɔ ɖa, mele babla le gbɔgbɔa me heyina Yerusalem, eye nyemenya nusiwo le dzinye va ge le afima o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 “Fifia la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔm yina Yerusalem, togbɔ be nyemenya nu si le lalayem le afi ma o hã.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 20:22
12 Referans Kwoze  

Gake mienya nusi ava dzɔ etsɔ o; elabena nukae nye miaƒe agbe mahã? Elabena dzudzɔ, si dzena ɣeyiɣi kpuia ɖe, eye emegbe la megadzena o la, ke míenye.


Elabena Kristo fe lɔlɔ̃ la le mia kplɔm,


Elabena menyae bena, nye agbadɔ la ɖeɖeɖa la lilim, abe alesi mía Aƒetɔ Yesu Kristo hã ɖee fiam la ene.


Elabena Paulo ɖo be, yeato Efeso ŋu ayi, bena yemagagblẽ ɣeyiɣi le Asia o, elabena ele kplakplakpla dzi, bena ne yete ŋui la, ne yeade Yerusalem le Pentekoste-ŋkeke la dzi.


Eye esi wowu nusiawo nu vɔ la, Paulo ɖo le Gbɔgbɔ la me be, yeaɖato Makedonia kple Axaya ayi ɖe Yerusalem hegblɔ bena: Ne mede afima megbe la, maɖakpɔ Roma hã ɖa tsã.


Ke esi Paulo le mɔ kpɔm na wo le Atene la, eƒe gbɔgbɔ bi azi le eme, esi wòkpɔ dua me yɔ fũ kple legbawo.


Ke esi Yesu nya nusiwo katã le edzi va ge la, edo go, eye wògblɔ na wo bena: Ameka dim miele?


Eye hafi ŋutitotoŋkekenyuie la naɖo, esi Yesu nya bena, yeƒe gaƒoƒo la ɖo vɔ, bena yeadzo le xexe sia me ayi ɖe Fofoa gbɔ, esi wòlɔ etɔ, siwo le xexeame la, elɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu.


Ke ele nam be, woade mawutsi ta nam kple mawutsia ɖe, eye ale wotee ɖe ŋunye, vaseɖe esime woawu enu!


Ke eva ve me, esime ŋkekeawo le enu wu ge be, woakɔe ayi dziƒo la, eya ŋutɔ tsɔ eƒe ŋku ɖo Yerusalem yiyi dzi;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite