Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 20:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 alesi nyemegbe naneke, si nyo na mi la, takaka na mi o; eye mefia nu mi le gaglãgbe kple tso aƒe me yi aƒe me,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Gake hã la, nyemadzudzɔ nyateƒe la gbɔgblɔ na mi le dutoƒo loo alo le miaƒe aƒewo me kpɔ o.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 20:20
18 Referans Kwoze  

Elabena nyemegbe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo blibo la katã gbɔgblɔ fia mi o.


Ɖe gbe ƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi kple nufiafia katã me.


Eye gbesiagbe womedzudzɔ nuhaha kple nyanyuiegbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti le mawuxɔ me kple aƒe me o.


amesi míawo míele gbe ƒã ɖem hele nu xlɔ̃m amesiame, eye míele nu fiam amesiame le nunya sia nunya me, bene miaɖo amesiame anyi blibo le Kristo me:


Eyata minɔ ŋudzɔ, eye miɖo ŋku edzi bena, le etɔ sɔŋ, zã kple keli, nyemedzudzɔ nuxɔxlɔ̃ mia dome amesiame kple aɖatsiwo o.


Elabena nusi nye hã mexɔ la, metsɔ de asi na mi gbãgbiagbã bena, Kristo ku le mia nuvɔ̃ ŋuti le ŋɔŋlɔ la nu,


Kpɔ ɖa, mena ɖoɖo kple sewo mi, abe alesi Yehowa, nye Mawu, ɖe wo nam ene, bena miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi va ge míala axɔe la dzi.


Ke azɔ la, nɔviwò, nenye ɖe meva mia gbɔ tsɔ gbegbɔgblɔwo le nu ƒom la, viɖe ka wòanye na mi, ne menye ɖe maƒo nu na mi le nyaɖeɖefia me alo sidzedze me alo nyagbɔgblɔɖi me alo nufiafia me o mahã?


Ke wotso Gbɔgbɔ ƒe ɖeɖefia na amesiame, bene wòanyo na amewo katã.


Eye gbesiagbe wonɔa gbedoxɔ me kple tame ɖeka, eye wole abolo kam le aƒe sia aƒe me, eye woɖua nu kple dzidzɔ kpakple dzimekɔkɔ


Eye ne menye lododowo o la, meƒoa nu na wo o; ke ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe woli la, eɖea nuwo katã gome fia wo.


Mlɔeba la, nɔvinyewo, dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me! Nye la metim bena, maŋlɔ nu mawo ke aɖo ɖe mi o; ke miawo la ena kakaɖedzi mi.


eye wotsɔ ga la ƒe ɖe ɣla, nusi me srɔ̃a hã nya, eye wotsɔ eƒe ɖe va da ɖe apostolowo ƒe afɔ nu.


Ale Yehowa gblɔ esi: Yi ɖatsi tre ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu, eye nagblɔ nya, siwo katã meto na wò be, nagblɔ na wo la, na Yuda-du, siwo katã va gbe do ge ɖa le Yehowa ƒe me; megana nyaa ɖeke nato le eme o.


Tete nyagblɔɖila Yeremya ɖo ŋu na wo bena: Mesee! Kpɔ ɖa, maɖaɖe kuku na Yehowa, mia Mawu la, na mi, abe alesi miegblɔ ene, eye magblɔ nya sia nya, si Yehowa tso ɖo ŋu na mi la, na mi, nyemaɣla nyaa ɖeke ɖe mi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite