Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 20:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye esi wòto afima nutowo me, eye wõxlɔ̃ nu wo kple nya geɖewo la, eva Hela-nyigba dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Le du sia du si me wòɖo le mɔa dzi me la, eƒoa nu hexlɔ̃a nu xɔsetɔ siwo le afi ma va se ɖe esi wòɖo Griki.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 20:2
17 Referans Kwoze  

Azɔ mlɔeba la, nɔviwo, miele kuku ɖem, eye míele nu xlɔ̃m mi le Aƒetɔ Yesu me, bene abe alesi miexɔe tso mia gbɔ, alesi dze be, miazɔ, eye miadze Mawu ŋu, eye abe alesi miezɔna hã ene la, miayi dzi geɖe wu;


Elabena míaƒe nuxɔxlɔ̃ metso beble alo makɔmakɔnyenye me o, eye mele alakpadada me o,


amesi míawo míele gbe ƒã ɖem hele nu xlɔ̃m amesiame, eye míele nu fiam amesiame le nunya sia nunya me, bene miaɖo amesiame anyi blibo le Kristo me:


eye mienyae hã bena, abe alesi fofo wɔna na viawo ene la, nenema ke míewɔ na mia dome amesiame: Míexlɔ̃ nu mi, eye miefa akɔ na mi,


Eye esi wogayi dziaƒo la, eŋe abolo, eye woɖu, eye wògaƒo nu geɖe na wo vaseɖe fɔŋli me, eye ale wòdzo.


Ke nɔviawo dɔ Paulo kple Sila ɖe Beroia enumake le zã me. Esi woawo ɖo afima la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe me.


Eye esi woto Amfipoli kple Apolonia la, wova Tesalonika, afisi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒea ɖe le:


eye tso afima mieva Filipi, si nye Makedonia-nyigba ƒe du gbãtɔ, eye wònye Romatɔwo ƒe dutsotso la; ke míenɔ du sia me ŋkekea ɖewo.


Eye wòyi ɖato Siria kple Kilikia hele ŋusẽ ɖom hameawo.


hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.


Eɖi ɖase kple nya bubu geɖewo hã, eye wòxlɔ̃ nu wo gblɔ bena Mina woaɖe mi tso dzidzime gɔglɔ̃ sia me!


Elabena mehe Yuda me abe ɖatl ene, eye metsɔ Efrayim wɔ aŋutrɔe heɖo edzi: Zion, maɖe aɖã ta me na viwòwo ɖe Helaviwo ŋu, eye matsɔ wo awɔ kalẽtɔ ƒe yii.


Eye wògblɔ nyanyuie fia dukɔ la hele nu xlɔ̃m wo le nu bubu ƒomevi geɖewo hã ŋuti;


Eye esi wodzudzɔ hoowɔwɔ megbe la, Paulo ya nusrɔ̃lawo va egbɔ, eye esi wòdo gbe na wo la, eklã wo hedzo yina Makedonia.


Eye wònɔ afima ɣleti etɔ̃; ke esi wòdi be, yeado ʋu ayi Siria, eye Yudatɔwo ɖo nugbe ɖe eŋu la, eɖo tame be, yeagbugbɔ aɖato Makedonia.


Ke ne Aƒetɔ la lɔ̃ la, mava mia gbɔ kpuie, eye nyemele, madze si amesiwo do wo ɖokui ɖe dzi la ƒe nyawo o, ke woƒe ŋusẽ boŋ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite