Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 20:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ese le Mileto la edɔ ɖo, ɖe Efeso, woɖayɔ hamemegãwo vɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Esi míeɖi go ɖe Mileto la, Paulo ɖo ame ɖe Efeso hamemegãwo be woava do go ye le tɔdziʋu la me.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 20:17
15 Referans Kwoze  

Eyata megblẽ wò ɖe Kreta, bena naɖo nusiwo susɔ la teƒeteƒe, eye naɖo hamemegãwo le du sia du me, abe alesi mede se na wò la ene:


Nusia wowɔ hã, eye wodoe ɖe amegãawo to Barnaba kple Saul si me.


Hamemegã, siwo kpɔa ha la dzi nyuie la, edze be, woatsɔ bubu teƒe eve abu wo, vevietɔ amesiwo dze agbagba le nyagbɔgblɔ kple nufiafia me la.


Ne mia dome amea de ƒe lãme gblẽ la, neyɔ hamemegãwo vɛ, ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye wòasi ami nɛ le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me.


Eyaŋuti mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi Aƒetɔ ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ ƒe ʋu la.


Eye esi wotia amegãwo na wo le ha sia ha me la, wodo gbe ɖa kple nutsitsiɖɔ, eye wotso wo ɖe Aƒetɔ, si dzi woxɔ se la, si me.


Hamemegã xoxo la ŋlɔ ɖo ɖe Gayo lɔlɔ̃tɔ, si melɔ̃na le nyateƒe me.


Hamemegã xoxo la ŋlɔ ɖo ɖe aƒenɔ tiatia kple viawo, amesiwo melɔ̃na le nyateƒe me; eye menye nye ɖeɖekoe lɔ̃a wò o, ke boŋ amesiwo katã dze si nyateƒe la hãe,


Hamemegã, siwo le mia dome la, nye, amesi nye mia ha-ha-memegã kple Kristo ƒe fukpekpewo ɖaseɖila kple ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go la hã gomekpɔla la, mele nu xlɔ̃m mi be:


Eye esi wole duawo me tom la, wogblɔ nyaɖoɖo, siwo apostolowo kple hamemegã, siwo le Yerusalem, bla la na wo, bena woalé wo me ɖe asi.


Eye woŋlɔ agbalẽ de wo si bena: Apostolowo kple hamemegãwo kple nɔviwo ɖuɖɔ nɔvi, siwo tso trɔ̃subɔlawo dome le Antioxia kple Siria kpakple Kilikia la ƒã.


Eye apostoloawo kple hamemegãwo va kpe ta be, yewoakpɔ nya sia me da.


Eye esi wova Yerusalem la, hame la kple apostoloawo kpakple hamemegãwo xɔ wo; eye woka nusiwo katã Mawu wɔ kpli wo la ta na wo?


Eye wova Efeso, eye wògblẽ woamawo ɖi ɖe afima; ke eya ŋutɔ yi ɖe ƒuƒoƒe la, eye wòƒo nu na Yudatɔwo.


Eye mieno tso afima, eye esi ŋu ke la mieva Xio kasa, eye ŋkeke, si dze eyome la, miete de Samo ŋu, eye míetsi Tragilio dɔ; esi ŋu gake la, mieta Mileto.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite