Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 2:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye kuvia ɖo wo katã, eye wotsi yaa hegblɔ bena: Kpɔ ɖa, amesiwo katã le nu ƒom la, ɖe menye Galileatɔwoe wonye oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Nu sia wɔ nuku na amedzroawo ale gbegbe be wogblɔ be, “Ame siawo katã ɖe, menye Galileatɔwo wonye oa?

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 2:7
12 Referans Kwoze  

Eye kuvia ɖo wo katã, eye wotsi dzodzodzoe hele gbɔgblɔm na wo nɔewo bena: Esia gɔme ɖe?


amesiwo hã gblɔ bena: Galilea ŋutsuwo! Nuka wo miele tsitre le dziƒo kpɔm? Yesu sia, si woxɔ tso mia gbã yi dziƒo la, agava nenema ke, abe alesi miekpɔe wòle dziƒo yim ene.


Woɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Alo wò hã Galileatɔ nènye mahã? Dzro me, eye nakpɔ bena, nyagblɔɖilaa ɖeke metsi tre tso Galilea kpɔ o.


Ke wodze sii bena, eyae nye amesi nɔ anyi ɖe mawuxɔ la ƒe ʋɔtru nyui la nu le nubiabia ta, eye wotsi yaa, eye kuvia ɖo wo ŋutɔ le nusi va; ve me la ŋuti.


Tete wòtsi tre, eye enumake, esi wòtsɔ eƒe aba la, edo go le wo katã ƒe ŋku me nenem bena, kuvia ɖo wo katã, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Miekpɔ ale nusiawo tɔgbe kpɔ o.


Eye wòwɔ nuku na wo katã, nenem bena, wobia wo nɔewo bena: Nuka enye esia? Nufiafia yeye! Etsɔ ŋusẽ dea se na gbɔgbɔ makɔmakɔwo, eye woɖoa toe.


Eye esia megbe ʋee la amesiwo le tsitre ɖe afima la, va gblɔ na Petro bena: Nyateƒee, wò hã wo dometɔ ɖeka nènye; elabena wò nuƒoƒo le ha ɖem wò.


Eye amehawo gblɔ bena: Amesia enye nyagblɔɖila Yesu, si tso Nazaret le Galilea.


Ke esi Yesu see la, eƒe mo wo yaa, eye wògblɔ na amesiwo le eyome la bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Le Israel me hã la nyemekpɔ nenem dzixɔse sia tɔgbe kpɔ o.


Aleke wo, eye mía dome amesiame le ye ŋutɔ degbe, si me wodzi mi ɖo la, sem mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite