Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 2:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye kasia gbea ɖe ɖi tso dziƒo abe yaƒoƒo sesẽ ene, eye wòyɔ aƒe, si me wole la fũ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Kasia gbe sesẽ aɖe si le abe ya sesẽ ƒe ƒoƒo ene la ɖi tso dziƒo, eye wòyɔ aƒe si me wonɔ la taŋtaŋ.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 2:2
14 Referans Kwoze  

Eye esi wodo gbe ɖa vɔ la, teƒe, si woƒo ƒu ɖo la ʋuʋu; eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo katã taŋ, eye wogblɔ mawunya la kple dzideƒo.


Eye wògblɔ bena: Do go, nava tsi tre ɖe to la dzi le Yehowa ŋku me! Eye kpɔ ɖa, Yehowa va tso me yi; eye ya gã ʋuɖuʋuɖua ɖe ƒo, towo wo, eve agakpewo tu wɔ le Yehowa ŋku me, ke Yehowa mele ya la me o. Le va yome la anyigba ʋuʋu, ke Yehowa mele anyigbaʋuʋu la me o.


Eviã dziƒo heɖi ɖe anyi, eye alilikpo dodo le eƒe afɔwo te.


Ya la le ƒoƒom, afisi ke wolɔ̃na, eye nèsea eƒe gbe, ke mènya afisi wòtso alo afisi wòyina o: nenema kee nye amesiame, si wodzi tso Gbɔgbɔ la me.


Eye woava me be, matɔ, hafi woava yɔm, eye ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.


Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa, ne wòata mɔ le ŋgɔnye, eye Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔ ɖa, nubabla ƒe dɔla, si ɖim miele la, le vava ge, Yehowa ye gblɔe.


Anyieheya, tso, eye dzieheya, va, naƒo ato nye abɔ me, ne eƒe ʋeʋẽ nagbagba di.


Eye kasia dziƒoʋakɔha gãa ɖe kpe ɖe mawudɔla la ŋuti, wole Mawu kafum le gbɔgblɔm bena:


Eye aɖe mamãwo ɖo ɖe wo gbɔ lé abe dzoƒaɖewo ene, eye wodze ɖe wo dome amesiame dzi ɖekaɖeka.


Ke esi gbe sia ɖi la, ameha la ƒo zi va kpe ta, eye woƒe nu ku, elabena amesiame se wole ye ŋuta degbe gblɔm.


Eye wòɖee fia amesiawo bena, menye woa ŋutɔwo ɖokui wosubɔ o, ke boŋ miawo wosubɔ le nusiawo me, nusiwo wogblɔ fia mí azɔ to amesiwo gblɔ nyanyuie fia mi la dzi to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si woɖo ɖa tso dziƒo la me, nusiwo me kpɔkpɔ dzro mawudɔlawo hã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite