Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 2:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Kretatɔwo kple Arabiatɔwo: Míese wole Mawu ƒe nu dzɔtsuwo gblɔm le mia ŋutɔwo degbe me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Ɛ̃, ame aɖewo tso Roma gɔ̃. Ame siawo nye Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o, gake wotrɔ dzime xɔ Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ eye bubuwo hã nye Kretatɔwo kple Arabiatɔwo. Mía dometɔ ɖe sia ɖe se ame siawo le Mawu ƒe nukunu gãwo ƒe nya gblɔm le eya ŋutɔ degbe me!”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 2:11
36 Referans Kwoze  

ame bubu la nukudɔwɔwɔwo, ame bubu la nyagbɔgblɔɖi, ame bubu la gbɔgbɔwo dodokpɔ, ame bubu la gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo, ame bubu la gbe bubu ƒomeviwo ƒe gɔmeɖeɖe;


Yehowa, ameka de nuwo le mawuwo dome? Ameka de nuwo, kpɔ ŋusẽ, eye ŋutikɔkɔe le eŋu; amesi ŋu vɔvɔ̃ le, eye wòwɔ nu gãwo kple nukunuwo?


eye Mawu ŋuta hã tsɔ dzesiwo kple nukunuwo kple ŋusẽnu bubu ƒomevi geɖewo kple Gbɔgbɔ kɔkɔe nana le ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu la, ɖi ɖase hekpe ɖe wo ŋuti.


Wo dometɔ ɖeka, si nye woa ŋutɔwo ƒe nyagblɔɖila la, gblɔ be: „Kretatɔwo nye aʋatsokalawo ɖaa, lã vɔ̃ɖiwo, ƒodo wɔkuviawo.“


na Arabia-fiawo katã kple dukɔ tsakatsaka, siwo le gbegbe ƒe fiawo katã;


ahana kafukafuha naɖi, eye maxlẽ wò nukunuwo katã afia.


Ewɔ nu gã, si me dzodzro meli o, kple nukunu, siwo melexexlẽ me o.


Eyata megblẽ wò ɖe Kreta, bena naɖo nusiwo susɔ la teƒeteƒe, eye naɖo hamemegãwo le du sia du me, abe alesi mede se na wò la ene:


Eye esi ʋudzeƒe la menyo bena, woanɔ le vuvɔŋɔli ta o la, wo dome ame geɖeawo ɖo aɖaŋu bena, woaho tso afima hã, bena ɖewohĩ yewoate ŋu ade Foinike, si nye Kreta ƒe ʋudzeƒe, si le dzieheɣetoɖoƒe kple anyieheɣetoɖoƒe, be yewoanɔ afima le vuvɔŋɔlia me.


Eye esi miezɔ blewu ŋkeke geɖe, eye bebli hafi mieva ɖo Knido kasa la, ya la mena mɔ mí o, eye mieto Kreta ƒe anyiehe va ɖo Salmone kasa,


Fɔ kɔ dzi ɖe to ƒeƒlewo ŋu, eye nakpɔ nu! Afikae womehede asi ŋuwò le o? Ede xa ɖe mɔ to na wo abe Arabiatɔwo le gbe dzi ene, eye nètsɔ wò ahasiwɔwɔ kple vɔ̃ɖiwɔwɔ do gu anyigba la.


Esia hã tso Yehowa Zebaot gbɔ. Eƒe adaŋudede enye nuku, eye eƒe nunya lolo.


Yehowa, nye Mawu nènye, mado wò ɖe dzi, eye makafu wò ŋkɔ! Elabena èwɔ nukunuwo, wò gbaɖegbe tameɖoɖowo nye nyateƒe, eye wometrɔna o!


Womatso aƒe ɖe afima akpɔ o tegbee, eye wòatsi anyi aƒedoe tso dzidzime yi dzidzime, Arabiatɔwo matu agbadɔ ɖe afima o, eye lãkplɔviwo mana lãwo natsyɔ akɔ ɖe afima o;


Eya, amesi ɖeɖeko wɔa nukunuwo, elabena eƒe amenuveve li tegbee!


Edo ŋkuɖodzinu eƒe nukunuwo ŋu, amenuvela kple nublanuikpɔla enye Yehowa.


Woawo neda akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta;


Woawo neda akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta!


Woawo neda akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta!


Mixlẽ eƒe ŋutikɔkɔe fia le dukɔwo dome kple eƒe nukunuwo le anyigba dzi tɔwo katã dome!


Mali ke wò ƒome tegbee, eye maɖo wò fiazikpui anyi na dzidzimewo katã!“ Sela.


míaɣlae de wo viwo o, eye míaxlẽ Yehowa ƒe ŋkɔxɔxɔ kple eƒe ŋusẽ kpakple nukunu, siwo wòwɔ la, afia megbeviwo.


Mebe: Nye kokoƒoƒo enye be, dziƒoʋitɔ la ƒe nuɖusi netrɔ!


Mawu, èfia num tso nye ɖevime ke, eye meɖe gbe ƒã wò nukunuwo vaseɖe fifi.


Woayra ŋutsu, si tsɔ eƒe ŋuɖoɖo ɖo Yehowa dzi, eye metrɔ eɖokui ɖe ɖadzraɖalawo kple amesiwo ku ɖe aʋatsokaka ŋu la, ŋuti o.


Eye Mawu de edzi de Filistitɔwo kple Arabiatɔwo, amesiwo nɔ Gur-Baal la, kple Meunitɔwo ŋuti.


Filistitɔwo dometɔa ɖewo tso nunanawo kple klosalo geɖe vɛ na Yosafat, eye Arabiatɔwo hã tsɔ agbo akpe adre kple alafa adre kpakple gbɔ̃tsu akpe adre kple alafa adre vɛ ne.


ke womebu esiwo woxɔ le nudzralawo, asitsalawo kple Arabia-fiawo katã kpakple anyigbadzikpɔlawo si la, ɖe eme o.


elabena Hagar enye Sinai-to la le Arabia, ke esɔ kple egbegbe Yerusalem; elabena eya kple viawo le kluvinyenye me.


eye nyemeyi Yerusalem ɖe amesiwo tre apostolonyenye nam la gbɔ o, ke boŋ metɔ dzi heyi ɖe Arabia, eye megagbugbɔ va Damasko.


Nya ɖe Arabia ŋu: Mi Dedantɔwo ƒe asihawo, mitsi ave me da le Arabia!


Eye Mawu ɖo amea ɖewo le ha me: Gbãtɔ apostolowo, evelia nyagblɔɖilawo, etɔ̃lia nufialawo, emegbe la ŋusẽdɔwɔwɔwo, eya megbe la dɔyɔyɔ ƒe amenuvevenunanawo, kpeɖeŋutɔwo, dzikpɔlanyenyewo, gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo.


Frigia kple Pamfilia. Egipte kple Libia-nutowo me, si le Kirene gbɔ, kple amesiwo nye amedzrowo tso Roma, Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔwo,


Eye kuvia ɖo wo katã, eye wotsi dzodzodzoe hele gbɔgblɔm na wo nɔewo bena: Esia gɔme ɖe?


Eye esi dzieheya ƒo bɔbɔe la, wobu xa bena, yewoƒe tameɖoɖo la le eme va ge, eye woho seke heho to Kreta ŋku me kekeake.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite