Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 19:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ke esi wose esia la, wode mawutsi ta na wo ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Esi wose nya sia la, wo katã wolɔ̃, eye Paulo de mawutsi ta na wo ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 19:5
7 Referans Kwoze  

Elabena medze ɖe wo dome amea ɖeke dzi haɖe o; negbe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ dzi ko wode mawutsi ta na wo ɖo.


Eye esi woxɔ Filipo, amesi le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti nyanyuie gblɔm la dzi se la, wode mawutsi ta na wo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.


Eye Petro gblɔ na wo bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mia dome amesiame nana woade mawutsi ta nɛ ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke, eye miaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe wòanye nunana.


eye wode mawutsi ta na wo katã ɖe Mose me le alilikpo kple ƒu la me.


Eye wòde se be, woade mawutsi ta na wo le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me. Eye woɖe kuku nɛ be, wòanɔ yewo gbɔ ŋkekea ɖewo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite