Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 19:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Ke esi dua me gbalẽŋlɔla na ameha la zi ɖoɖoe la, egblɔ bena: Efeso-ŋutsuwo, ameka gɔ̃e ti, si menya bena, Efeso du la enye Diana gã la kple legba, si ge tso dziƒo la ƒe subɔla oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

35 Mlɔeba la, dua ƒe agbalẽŋlɔla la ble wo nu wozi ɖoɖoe, ale wòƒo nu na wo gblɔ be, “Efesotɔwo, ame sia ame nya be Efeso du siae nye trɔ̃ gã Artemis si ge tso dziƒo la ƒe du gã.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 19:35
9 Referans Kwoze  

to aʋatsonufialawo ƒe alakpadada me, amesiwo wotsɔ ga xɔdzo ɖe dzesi wo le woa ŋutɔwo ƒe dzitsinya me,


bena mienɔ anyi le ɣemaɣi me Kristo menɔ mia si o, eye míenye ame tutɔwo na Israel ƒe dumetɔnyenye la kple amedzrowo na ŋugbedodo la ƒe nubablawo, eye mɔkpɔkpɔa ɖeke menɔ mia si o, eye Mawu hã menɔ mia si le xexeame o.


Eye miekpɔ, eye miese hã bena, menye Efeso ɖeɖeko o, ke boŋ Asia blibo la katã kloe, Paulo sia ƒoe ɖe ameha geɖewo nu, eye wòtrɔ woƒe tame le gbɔgblɔm bena, esiwo wowɔ kple asiwo la, womenye mawuwo o.


Eye wova Efeso, eye wògblẽ woamawo ɖi ɖe afima; ke eya ŋutɔ yi ɖe ƒuƒoƒe la, eye wòƒo nu na Yudatɔwo.


Mienya bena, Mawu meɖoa to nuvɔ̃wɔlawo o, ke boŋ ne amea ɖe vɔ̃a Mawu, eye wòwɔa eƒe lɔlɔ̃nu la, eyae woɖoa toe.


Ke esi wodze sii bena, Yudatɔ wònye la, wo katã wodo ɣli kple gbe ɖeka ano gaƒoƒo eve sɔŋ bena: Gãe nye Efesotɔwo ƒe Diana la!


Azɔ esi womate ŋu agblɔ nyaa ɖeke ɖe nusia ŋu o la, edze be, miasi ɖoɖoe kpoo, eye miagawɔ naneke tame mabumabutɔe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite