Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 19:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Ke esi wodze sii bena, Yudatɔ wònye la, wo katã wodo ɣli kple gbe ɖeka ano gaƒoƒo eve sɔŋ bena: Gãe nye Efesotɔwo ƒe Diana la!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

34 Ke esi ameha la kpɔe dze sii be Yudatɔ wònye la, wogade asi ɣlidodo me be, “Artemis, Efesotɔwo ƒe mawu la lolo! Artemis, Efesotɔwo ƒe Mawu la lolo!”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 19:34
10 Referans Kwoze  

Eye esi wose esia la, woyɔ fũ kple dɔmedzoe, eye wodo ɣli gblɔ bena: Gãe nye Efesotɔwo ƒe Diana la!


Eye wode ta agu na nɔ driba la; elabena etsɔ eƒe ŋusẽ na lã la, eye wode ta agu na lã la le gbɔgblɔm bena: Amekae le abe lã la ene, eye amekae ate ŋu awɔ aʋa kplii mahã?


eye esi wokplɔ wo yi ɖe dua me dziɖulawo gbɔ la, wogblɔ bena: Amesiawo la, Yudatɔwo wonye, eye wole míaƒe du la nyamam;


Ke ne miele gbe dom ɖa la, migagblɔ nyatsinyatsi abe trɔ̃subɔlawo ene o; elabena wobu xa bena, le yewoƒe nya geɖe gbɔgblɔ ŋuti la woaɖo to yewo.


Wò amesi gblɔ bena, womegawɔ ahasi o la, wòe wɔ ahasia? Wò amesi nyɔ ŋu trɔ̃wo la, wòe ha trɔ̃subɔƒenuwo mahã?


Eye miekpɔ, eye miese hã bena, menye Efeso ɖeɖeko o, ke boŋ Asia blibo la katã kloe, Paulo sia ƒoe ɖe ameha geɖewo nu, eye wòtrɔ woƒe tame le gbɔgblɔm bena, esiwo wowɔ kple asiwo la, womenye mawuwo o.


Eye wòlé nyitsu, si wotsɔ na wo la, hewɔe, eye woyɔ Baal ŋkɔ vaseɖe ɣeɖota le gbɔgblɔm bena: Baal, tɔ na mi! Ke gbea ɖeke meɖi o, eye amea ɖeke metɔ o. Eye wole kpo tim le xlã ƒom vɔsamlekpui, si wowɔ la.


Elabena amea ɖe, eŋkɔe nye Demetrio, klosalonutula, amesi tsoa klosalo tua gbedoxɔwo na Diana la, nana aɖaŋuwɔlawo kpɔa viɖe ŋutɔ;


Tete wohe Aleksandro tso ameha la me do go, elabena Yudatɔwo le asi tumi do ɖe ŋgɔgbe. Eye Aleksandro mia asi hele didim be, yeaɖe ye ɖokui nu na ameha la.


Ke esi dua me gbalẽŋlɔla na ameha la zi ɖoɖoe la, egblɔ bena: Efeso-ŋutsuwo, ameka gɔ̃e ti, si menya bena, Efeso du la enye Diana gã la kple legba, si ge tso dziƒo la ƒe subɔla oa?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite