Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 19:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Tete wohe Aleksandro tso ameha la me do go, elabena Yudatɔwo le asi tumi do ɖe ŋgɔgbe. Eye Aleksandro mia asi hele didim be, yeaɖe ye ɖokui nu na ameha la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

33 Yudatɔ aɖewo kpɔ Aleksandro le ameawo dome, eye enumake wohee do goe wòva tsi tsitre ɖe ameha la ŋkume. Ekɔ asi dzi, eye ɖoɖoe zi, ale wòde asi nuƒoƒo me na wo.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 19:33
11 Referans Kwoze  

Eye wòɖo asi wo dzi bena, woazi ɖoɖoe, eye wòxlẽ alesi Aƒetɔ la kplɔe do goe tso gaxɔa me la, fia wo. Eye wògblɔ bena: Mika nusiawo ta na Yakobo kple nɔviawo. Eye wòdzo le afima yii afi bubu.


Aleksandro, akɔblitula, wɔ vɔ̃ geɖe ɖe ŋunye; Aƒetɔ la aɖo eteƒe ne le eƒe nuwɔnawo nu;


amesiwo dome Himenaio kple Aleksandro wole, amesiwo metsɔ de asi na Satana, bene wòahe to na wo, be woadzudzɔ busunyagbɔgblɔ.


abe alesi wòdzo nam bena, masusu esia le mi katã mia ŋuti ene; elabena miele nye dzi me le nye kɔsɔkɔsɔwo kple nyanyuie la taʋiʋli kpakple kakaɖedzi la me; elabena mi katã míenye nye hagomekpɔlawo le amenuveve la me.


Eye esi mɔ̃mefia la mia asii bena, wòaƒo nu la, Paulo ɖo ŋu bena: Esi menyae bena, ƒe geɖee nye esi nènye ʋɔnudrɔ̃la na dukɔ sia la, dzi le ƒonye be, ma ɖe ɖokuinye nu;


Eye esi wòna mɔe la, Paulo le tsitre ɖe atrakpuiawo dzi, eye wòɖo asi ameha la dzi; eye esi ɖoɖoe zi klene la, egblɔ na wo le Hebrigbe me bena:


Tete Paulo tsi tre, eye wòɖo asi wo dzi gblɔ bena: Israel-ŋutsuwo kple mi amesiwo vɔ̃a Mawu la, miɖo to!


Ke esi wòɖo go la, mete ŋu ƒo nu na wo o, eye wodze sii bena, ekpe nu le mawuxɔ la me, eye wòmia asi wo, eye wòtsi nu maƒomaƒo.


Ke esi wodze sii bena, Yudatɔ wònye la, wo katã wodo ɣli kple gbe ɖeka ano gaƒoƒo eve sɔŋ bena: Gãe nye Efesotɔwo ƒe Diana la!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite