Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 19:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Ke menye dɔ sia me ɖeɖeko gblẽ ge woala na mí be, woaɖo vloe o: ke womabu mawunɔ Diana gã la ƒe gbedoxɔ la hã nanekee o, eye eƒe gãnyenye, si Asia blibo la katã kple xexeme godoo subɔna la, hã atsrɔ̃.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 Azɔ medi be mianya be menye míaƒe dɔwɔna ɖeɖe tae mele nya siawo gblɔm o, ke boŋ ele bɔbɔe be mawu bubutɔ, Artemis subɔsubɔ dzi aɖe kpɔtɔ, eye madidi o la, Artemis si nye Mawu gã si wosubɔna le Asia nuto blibo la katã me kple xexeme godoo la ƒe ŋkɔ abu keŋ.”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 19:27
11 Referans Kwoze  

Yehowa anye ame dziŋɔ anɔ wo nu, elabena ana legbawo katã nu nayi le anyigba dzi, eye dukɔwo ƒe ƒukpowo katã aɖo gbe ɖa na, amesiame le enɔƒe.


kple nyahehe dzodzro vɛ le ame tamegbegblẽtɔ, siwo si woha nyateƒe le amesiwo buna bena, mawusubɔsubɔ enye viɖenu la dome. Te ɖokuiwò ɖa le nenem me siawo gbɔ.


Eye anyigbadzinɔla, siwo katã ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe alẽvi, si wowu la, ƒe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, woasubɔe.


Eye eƒe tawo dometɔ ɖeka le abe kubi wode eŋu ene, eye wowɔ eƒe kubi la ne wòku; eye xexeame katã ƒe mo wɔ yaa le lã la yome.


Míenyae bena, Mawu me míetso, eye xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖi to la me.


Eye esi wowu nusiawo nu vɔ la, Paulo ɖo le Gbɔgbɔ la me be, yeaɖato Makedonia kple Axaya ayi ɖe Yerusalem hegblɔ bena: Ne mede afima megbe la, maɖakpɔ Roma hã ɖa tsã.


Ke baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, bena mietua dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu; elabena mia ŋutɔwo mieyina ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme hã la, mieɖea mɔ na wo be, woayi o.


Etsɔ mamlea wɔ mawui, etsɔe wɔ eƒe legbae, eye wòdze klo ɖe ta agu nɛ hedo gbe ɖa nɛ gblɔ bena: Ɖem, elabena wòe nye nye mawu!


Eye woaɖe gbe ƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.


Eye wòle esiawɔwɔ dzi ƒe eve sɔŋ, ale bena amesiwo katã le Asia la, Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, se Aƒetɔ ƒe nya la.


Eye mawudɔla bubu, si nye etɔ̃lia la, dze wo yome le gbɔgblɔm kple gbe gã bena; Ne amea ɖe de ta agu na lã la kple eƒe legba, eye wòxɔ eƒe dzesi ɖo eƒe ŋgonu alo eƒe asi ŋu la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite