Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 18:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye wòƒo nu le ƒuƒoƒe la le Sabat sia Sabat dzi; eye wòƒoe ɖe wo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo xɔe se.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Paulo yia Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le dua me le Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe dzi hedzroa mawunya me kple Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, eye wòƒonɛ ɖe wo nu be woatrɔ dzi me.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 18:4
18 Referans Kwoze  

Azɔ esi míenya Aƒetɔ la vɔvɔ̃ la, míeƒoa nya ɖe amewo nu, ke míedze ƒã le Mawu ƒe ŋku me; ke mele mɔ kpɔm bena, míedze ƒã le miaƒe dzitsinya me hã.


Eye esi woɖo ŋkeke nɛ la, ame geɖewo va egbɔ le eƒe dzeƒe la, amesiwo wògblɔ nya la na hele ɖase ɖim le mawufiaɖuƒe la ŋuti, eye wòle eƒom ɖe wo nu le Yesu ŋuti tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me tso ŋdikanya vaseɖe fiẽ.


Eye wòƒo nu na Yudatɔwo kple amesiwo vɔ̃a Mawu le ƒuƒoƒe la kpakple amesiwo doa goe le asi me gbesiagbe.


Tete Agripa gblɔ na Paulo bena: Esusɔ ʋee, naƒoe ɖe nunye be, nawɔm mazu kristotɔ.


Eye miekpɔ, eye miese hã bena, menye Efeso ɖeɖeko o, ke boŋ Asia blibo la katã kloe, Paulo sia ƒoe ɖe ameha geɖewo nu, eye wòtrɔ woƒe tame le gbɔgblɔm bena, esiwo wowɔ kple asiwo la, womenye mawuwo o.


Eye esi wòyi ɖe ƒuƒoƒe la me la, egblɔ nya kple dzideƒo, eye ɣleti etɔ̃ sɔŋ wòle nu ƒom, eye wòle mawufiaɖuƒe la ŋutinya ƒom ɖe wo nu, ale bena woxoe se.


hegblɔ bena: Amesia le amewo ƒe tame trɔm, bena woasubɔ Mawu, alesi mele sea nu o.


Ke amesiawo ɖo ʋu wu amesiwo le Tesalonika, woawo la woxɔ nya la kple dzi faa, eye wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo le eme hã.


Ke woawo la wotsa tso Perge, eye wova ɖo Antioxia le Pisidia. Eye woyi ɖe ƒuƒoƒe me le Sabat-ŋkeke dzi, eye wobɔbɔ nɔ anyi.


Ke egblɔ nɛ bena: Ne womeɖo to Mose kple nyagblɔɖilawo o la, ne amea ɖe tsi tre tso ame kukuwo dome hã la, mele ŋu te ge aƒoe ɖe wo nu o.


Eye wòva Nazaret, afisi wonyii le, eye le eƒe kɔa nu la eyi ɖe ƒuƒoƒe la le Sabat-ŋkeke dzi, eye wòtsi tre be, yeaxlẽ agbalẽ.


Alo menye ɖe Xizkiya le mia ɖum, be wòana dɔ kple tsikɔ nawu mi miaku, esi wòle gbɔgblɔm be: Yehowa, mía Mawu, aɖe mí tso Asur-fia si me oa?


Mawu ana be, Yafet ƒe nɔƒe nakeke ɖe nu, eye wòano Sem ƒe agbadɔwo me; eye Kanaan anye kluvi na wo!


Tete Yudatɔwo gblɔ na wo nɔewo bena: Afika amesia le yiyi ge bena, mía te ŋu akpɔe oa? Ɖe wòle, amesiwo kaka ɖe Helatɔwo dome la gbɔ yi ge, eye wòafia nu Helatɔwo mahã?


Eye enumake wòɖe gbe ƒã le Yesu ŋuti le ƒuƒoƒeawo me bena, eyae nye Mawuvi.


Eye wòva ve me le Ikonio bena, woa kple eve la woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me, eye woƒo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo dome ame geɖewo xɔe se.


Eye wova Efeso, eye wògblẽ woamawo ɖi ɖe afima; ke eya ŋutɔ yi ɖe ƒuƒoƒe la, eye wòƒo nu na Yudatɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite