Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 18:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Esi wòna afima ʋee la, edzo yi ɖato Galatia- kple Frigia-nutowo me ɖekaɖeka hele ŋusẽ dom nusrɔ̃lawo katã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Paulo nɔ Antoxia vie, emegbe edze mɔ tso teƒe yi teƒe le Galatia kple Frigia nutowo me le ŋusẽ dom nusrɔ̃lawo katã.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 18:23
22 Referans Kwoze  

hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.


Eye esi woto Frigia-kple Galatia-nutowo me yi la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la xe mɔ na wo be, woagagblɔ nya la le Asia o;


Eye wòyi ɖato Siria kple Kilikia hele ŋusẽ ɖom hameawo.


Eye Yuda kple Sila, amesiwo hã nye nyagblɔɖilawo la, xlɔ̃ nu nɔviawo kple nya geɖewo; eye wodo ŋusẽ wo.


Ke míele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo: Migbe nya na nu baɖa wɔlawo, mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo, mixɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, migbɔ dzi ɖi na amewo katã.


Eye tetekpɔ, si le nye ŋutilã me na mi la, miedo vloe o, eye mienyɔ ŋui o, hafi boŋ miexam abe mawudɔla alo abe Kristo Yesu ene.


Ke le nudzɔdzɔ na ame kɔkɔeawo ŋuti, alesi meɖoe na Galatia-hamewo la, nenema ke miawo hã miwɔ.


Eyata mitsɔ nya siawo fa akɔ na mia nɔewo.


eye miedo Timoteo, mía nɔvi kple Mawu ƒe subɔla kple hadɔwɔla le Kristo ƒe nyanyuie me la ɖa, bene wòado ŋusẽ mi, eye wòaxlɔ̃ nu mi le miaƒe xɔse ŋuti,


kple nɔvi, siwo katã li kplim la, ŋlɔe ɖo ɖe Galatia-hamewo:


Eye wodo go tso gaxɔ me yi ɖe Lidia ƒe me: eye esi wokpɔ nɔviawo la, woɖe dzi ƒo na wo, eye wodzo.


Ke mawudɔla ɖe tso dziƒo ɖe eɖokui fiae hele ŋusẽ domii.


ke nye la meɖe kuku ɖe tawò, bena wò xɔse nu nagatsi o; eye wò la, gbesigbe nètrɔ la, nado ŋusẽ nɔviwòwo!


Elabena makpe ɖe eŋu, ne manye xɔnamelɔ kple sitsoƒe nɛ le Mediatɔ Dario ƒe ƒe gbãtɔ me.


Eye wo gbɔ nɔlawo katã tsɔ klosalonuwo kple sika, kesinɔnuwo kple lãwo kpakple nu xɔasiwo do alɔ na wo hekpe de nusiwo katã wona laa la ŋuti.


De gbe asi na Yosua, ɖe dzi ƒo nɛ, eye nado ŋusẽe, elabena eyae adze dukɔ sia ŋgɔ ayi, eye wòamã anyigba, si kpɔm nèle la, na wo.


enyo nye hã ŋu, esi medzro wo katã me kpɔ tsitotsito vaseɖe egɔme ke bena, maŋlɔe na wò ɖekaɖeka, amegã Teofil,


Frigia kple Pamfilia. Egipte kple Libia-nutowo me, si le Kirene gbɔ, kple amesiwo nye amedzrowo tso Roma, Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔwo,


Esime Apolo le Korinto la, eva me be, Paulo to kɔkɔƒenutowo me va Efeso, eye wòkpɔ nusrɔ̃laa ɖewo;


Abe alesi míegblɔ tsã la, magagblɔe fifi hã bena, ne amea ɖe gblɔ nyanyuie la bubui fia mi ɖe esi miexɔ teƒe la, nezu busu!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite