Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 18:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye esi wòva ɖi go ɖe Kaisarea la, eyi Yerusalem ɖado gbe na hame la, eye wòto edzi heyi ɖe Antioxia.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Esi wòɖo Kaesarea la, eɖado gbe na hame la, eye wòyi Antioxia.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 18:22
16 Referans Kwoze  

Eye wokpɔ Filipo le Asdod, eye wòle tsatsam hele nyanyuie la gblɔm fia le duawo katã me vaseɖe Kaisarea.


Ke esi Festo le didim bena, yeave Yudatɔwo nu la, exɔ dzi na Paulo gblɔ bena: Elɔ̃ bena, nayi Yerusalem, ne woadrɔ̃ ʋɔnu wò le afima le nusiawo ŋuti le ŋkunye me mahã?


Azɔ esi Festo va dziɖuƒea la, etso Kaisarea yi Yerusalem le ŋkeke etɔ̃ megbe.


Eye wòyɔ aʋafiawo dome ame eve va egbɔ gblɔ bena: Midzra asrafo alafa eve ɖo, ne wòayi Kaisarea kple sɔtɔ blaadre kpakple akplɔtɔ alafa eve le zã gaƒoƒo etɔ̃lia dzi;


Ke Paulo kple Barnaba wonɔ Antioxia hele nu fiãm, eye wole Aƒetɔ ƒe nyanyuie la gblɔm fia kple ame bubu geɖewo hã.


Azɔ woawo la, esi wodo mɔ wo la, wova Antioxia, eye woƒo ameha la nu ƒu, eye wotsɔ agbalẽ la na.


Eye woŋlɔ agbalẽ de wo si bena: Apostolowo kple hamemegãwo kple nɔviwo ɖuɖɔ nɔvi, siwo tso trɔ̃subɔlawo dome le Antioxia kple Siria kpakple Kilikia la ƒã.


Eye esi wova Yerusalem la, hame la kple apostoloawo kpakple hamemegãwo xɔ wo; eye woka nusiwo katã Mawu wɔ kpli wo la ta na wo?


Tso afima woɖo ʋu va Antioxia, afisi wotsɔ wo de Mawu ƒe amenuveve me le hena dɔ, si nu wowu la.


Eye nyagblɔɖila kple nufialaa ɖewo le ha me, si le Antioxia la me, siwo nye, Barnaba kple Simeon, si woyɔna be Niger, kple Lukio, Kirenetɔ kple Manahem, amesi wonyi kple dzidula Herodes, kple Saul.


Eye kpɔ ɖa, le gaƒoƒo ma ke dzi la ŋutsu etɔ̃ le tsitre de aƒe, si me mele la nu; amesiwo wodɔ de gbɔnye tso Kaisarea.


Ke esi ŋu gake la, wova Kaisarea. Eye Kornelio le mɔ kpɔm na wo, eye wòyɔ eƒomeawo kple xɔlɔ̃a veviwo va ƒo ƒu.


Eye ŋutsua ɖe le Kaisarea, eŋkɔe nye Kornelio, amesi nye aʋafia le asrafoha, si woyɔna bena Italiatɔwo tɔ la nu,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite