Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 18:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 ke nenye anukutsyɔtsyɔ le nyawo kple ŋkɔwo kpakple miaƒe sea ŋuti ta la, mia ŋutɔwo mikpɔ egbɔ; elabena nyemelɔ̃ be, manye nusiawo tɔgbe ƒe ʋɔnudrɔ̃la o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 gake esi wònye nu si ku ɖe nyawo kple ŋkɔwo kpakple miaƒe sewo ŋuti la, miawo ŋutɔwo mikpɔ egbɔ. Nyemedi be manye ʋɔnudrɔ̃la le nya siawo me o.”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 18:15
13 Referans Kwoze  

amesi mekpɔ bena, wole enu tsom le woƒe se la ƒe anukutsyɔtsyɔwo ŋuti; gake nutsotsoa ɖeke mele eŋu, si dze ku alo bablawo o.


ke wotso biabiaa ɖewo le woa ŋutɔwo ƒe mawusubɔsubɔ ŋuti kple Yesua ɖe, si ku, amesi Paulo ka ɖe dzi be, ele agbe la ƒe nya vɛ.


edoa eɖokui de dzi glodzo, eye menya naneke o, ke boŋ eléa anukutsyɔtsyɔwo kple nyaʋawɔwɔ ƒe do, eye nusiawo hea ŋuʋaʋã, dzrewɔwɔ, busunyagbɔgblɔ, nya vɔ̃ susu de ame ŋuti


Ke si le bometsitsi ƒe anukutsyɔtsyɔwo kple dzidzimenyawo kple dzrehehewo kpakple avuwɔwɔwo le sea ŋuti la nu; elabena womenyo na naneke o, eye wonye yakanuwo.


Ke gbe bometsitsi ƒe yakanukutsyɔtsyɔwo, elabena ènyae bena, wòhea dzre ko vɛ.


eye bena womagaɖo to gliwo kple dzidzimenya, siwo seƒeɖo meli na o, elabena nusiawo hea anukutsyɔtsyɔ geɖewo vɛ wu nusi Mawu ƒe nuɖoanyi le xɔse me la ɖina la, nenema ke megale nu xlɔ̃m wò fifia hã.


vevietɔ elabena ènya kɔnuwɔwɔwo kple anukutsyɔtsyɔ, siwo katã le Yudatɔwo dome; eyata meɖe kuku na wò be, naɖo tom le dzigbɔɖeanyi me.


Ne tɔnye medzɔ o, eye mewo nane, si dze ku la, nyemegbe ku o; ke ne nusiwo amesiawo tsɔ le nunye tsom la, ƒe ɖeke mele eme o la, amea ɖeke mate ŋu atsɔm ade asi na wo o. Kaisaro si me metsɔ nye nya dee!


Eye esi Pilato kpo bena, wɔwɔa ɖeke megali o, ke zi tɔ hoo boŋ la, etsɔ tsi klɔ asi le ameha la ƒe ŋku me gblɔ bena: Nye la, ʋu sia mele asinye me o; mia ŋutɔwo mikpɔ edzi!


Tete Pilato gblɔ na wo bena: Ekema mia ŋutɔwo mikplɔe yii, ne miadrɔ̃ ʋɔnui le miaƒe se la nu Yudatɔwo gblɔ nɛ bena: Womeɖe mɔ na mi bena, míawu amee,


Mewo nuvɔ̃ be, mede ʋu maɖifɔ asi. Ke woawo gblɔ bena: Mía gbɔ nya kae wotsoa? Wò ŋutɔ kpɔ edzi!


hegblɔ bena: Amesia le amewo ƒe tame trɔm, bena woasubɔ Mawu, alesi mele sea nu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite