Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 17:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 woawo Yason xɔ ɖe eƒe me; eye amesiawo katã woda kaisaro ƒe seawo dzi, le esime wogblɔ bena, ame bubue nye fia, eyae nye Yesu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 woawoe Yason na sitsoƒee ɖe eƒe aƒe me. Wo katã da le Kaisaro ƒe se dzi le gbɔgblɔm be fia bubu aɖe li si ŋkɔe nye Yesu.”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 17:7
12 Referans Kwoze  

Tete wode asi enutsotso me gblɔ bena: Míekpɔ amesia wòle miaƒe dukɔ la ƒe tame trɔm, eye wògbe na amewo bena, woagadzɔ nu na kaisaro o hele gbɔgblɔm bena, ye ŋutɔe nye Kristo, fia la.


eye wole kɔ, siwo medze mi be, miaxɔ alo mianyi o la, gblɔm fia mi, elabena Romatɔwo míenye.


Tso esia dzi la Pilato di be, yeaɖe asi le eŋu; ke Yudatɔwo do ɣli gblɔ bena: Ne ekatse ɖe asi le amesia ŋu la, ekema menye kaisaro xɔlɔ̃ o, amesi ke tso eɖokui wɔ fia la, etsi tre ɖe kaisaro ŋu.


Elabena nenemae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, bena miatsɔ nu nyui wɔwɔ atsi abunetɔwo ƒe numanyamanya la nu,


Tete wova fia la gbɔ ƒo nu kplii le fia ƒe se la ŋu bena: Ɖe mèŋlɔ ŋkɔ ɖe sea te be, amesiame, si abia nu mawu alo amegbetɔ bubua ɖe le ŋkeke blaetɔ̃ me, eye menye tso wò fia si ko o la, woatsɔe aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe ɖo me oa? Fia la ɖo ŋu gblɔ bena: Nya la le eme ɖe Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se, si metrɔna o la nu.


Yuda-ŋutsu, siwo netsɔ ɖo Babel-nyigba ƒe dziɖuɖu ɖɔ nu: Saɖrax, Mesax kple Abed-Nego la, fia ƒe se la metsɔ fu lã me na wo o, womesubɔ wò mawuwo o, eye womedo gbe ɖa na sikalegba, si nèli anyi la o.


Eye wòva ve me le woƒe mɔzɔzɔ me bena, eyi ɖe kɔƒea ɖe me; eye nyɔnua ɖe, si ŋkɔ nye Marta la, xɔe ɖe eƒe me.


Ke esi Yudatɔwo ʋã ŋu la, wotsɔ ablɔmeme vlowo dome ŋutsu vɔ̃ɖia ɖewo kpe ɖe wo ɖokui ŋu, eye esi wona ameawo ƒo zi la, dua me ɖi hoo, eye wova tsi tre ɖe Yason ƒe xɔ nu, eye wodi bena, yewoakplɔ wo ayi ɖe ameha la me.


Eye wonyama ameha la kple dua me dziɖulawo, esi wose nya siawo.


Nenema ke Raxab, gbolo la hã, ɖe menye dɔwɔwɔwo wotsɔ tso afia nɛ, le esi wòxɔ ame dɔdɔwo, eye wòna woto mɔ bubu dzo la ŋuti o mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite