Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 17:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ke esi Yudatɔwo ʋã ŋu la, wotsɔ ablɔmeme vlowo dome ŋutsu vɔ̃ɖia ɖewo kpe ɖe wo ɖokui ŋu, eye esi wona ameawo ƒo zi la, dua me ɖi hoo, eye wova tsi tre ɖe Yason ƒe xɔ nu, eye wodi bena, yewoakplɔ wo ayi ɖe ameha la me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Yudatɔwo ƒe amegã siwo nɔ dua me la ʋã ŋu Paulo kple Silas, eya ta woƒo gbevu aɖewo nu ƒu tso ablɔwo dzi siwo wɔ ameha gã aɖe, eye wowɔ ʋunyaʋunya le dua me. Wosi du yi Yason ƒe aƒe me le Paulo kple Silas dim ne woakplɔ wo va ameha la ŋkumee.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 17:5
26 Referans Kwoze  

Miganɛ míaƒe ŋkuwo nabia le bubu dzodzro ŋuti o, ne míagadi ge le mia nɔewo ŋu, eye miaƒe nu nagave dɔme na mía nɔewo o.


Ke esi Yudatɔ, siwo le Tesalonika, se bena, Paulo gblɔ mawunya la fia le Beroia hã la, wova afima hã, eye wode zi amehawo me hele woƒe tame blum.


dɔmevevi, hlɔ̃dodowo, ahamumuwo, aglotutuwo kple esia tɔgbewo; nusiwo gblɔm mele ɖi na mi, abe alesi megblɔ ɖi na mi xoxo la ene, bena amesiwo wo ale nusiawo la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.


Timoteo, hanyedɔwɔla, kple Lukio kple Yason kple Sosipatro, ƒonyemetɔwo, ɖuɖɔ mi ƒã.


woawo Yason xɔ ɖe eƒe me; eye amesiawo katã woda kaisaro ƒe seawo dzi, le esime wogblɔ bena, ame bubue nye fia, eyae nye Yesu.


Eye Yudatɔ, siwo mexɔe se o la, de zi trɔ̃subɔlawo ƒe luʋɔwo me, eye wodo ada wo ɖe nɔviawo ŋu.


elabena míeganye ŋutilãmemewo. Elabena ŋkeke alesi ŋuʋaʋã kple dzrewɔwɔ kple mamã le mia dome la, menye ŋutilãmemewo míenye, eye miezɔna le ŋutilã la nu o ɖe?


Elabena miaɖo xaxa me, ne woatsɔ egbe nya atso mía nu le zitɔtɔ ŋuti, elabena nyaa ɖeke mele mia si, si ŋu míate ŋu ana akɔnta le le ziƒoƒo sia ŋuti o.


Ke esi Galio nye du me dziɖula le Axaya la, Yudatɔwo tsɔ nu sɔsɔe tsi tre ɖe Paulo ŋuti, eye wokplɔe va ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ


Ke Yudatɔwo tso Antioxia kple Ikonio va afima, eye esi woƒoe ɖe amehawo nu la, woƒu kpe Paulo, eye wohee do go tso dua me hebu xa bena, eku.


Ke esi Yudatɔwo kpɔ amehawo la, woyɔ fũ kple ŋuʋaʋã eye wogblɔ busunya tsi tre de nusiwo Paulo gblɔ la ŋu.


Elabena ènyae bena, ŋuʋaʋã ŋutie wotsɔe de asi ɖo.


Woɖe klosalo blaadre nɛ tso Baal-Berit ƒe gbedoxɔ me, eye Abimelex tsɔe da yakamewo kple ame vlowo wodze eyome.


Alo ɖe míebuna bena, ŋɔŋlɔ la ƒoa nu dzodzro bena: Gbɔgbɔ, si wòna wòdzra nɔƒe ɖo le mia me la, le edzrom kple ŋuʋaʋã?


Eye esi tɔgbuiawo le ŋu ʋãm Yosef la, wotsɔe ƒle ɖe Egipte; ke Mawu ti kplii,


Dzi nyodɔme enye agbe le lã me; ke ŋuʋaʋã enye ŋuɖui le ƒuwo me.


Metsɔ akpanya wɔ nye avɔe, eye mezu hamelo na wo.


Ke esi memu dze enyi la, wokpɔ dzidzɔ, eye woƒo takpli, ame ɖigbɔ, siwo nyemenya o la, kpe ta ɖe ŋunye, eye wole alɔme ɖem numaɖemee.


Yehowa, wò alo le dzi, ke womelé ekpɔm o; woakpɔ ŋuʋaʋã ɖe dukɔ la ŋu, eye ŋu akpe wo, eye dzo afiã wò ketɔwo.


Eye esi womekpɔ wo o la, wohe Yason kple nɔviaa ɖewo yi ɖe dua me dziɖulawo gbɔ hele ɣli dom bena: Amesiwo de zi xexeame la, wova afisia hã,


Ke esi wòxɔ asiƒuakɔnu le Yason kple ame bubuawo si la, woɖe asi le wo ŋu.


Mezɔ mɔ enuenu; meɖo ŋɔdzi me le tɔsisiwo dzi, meɖo ŋɔdzi me le adzodalawo dome, meɖo ŋɔdzi me le nye dukɔmeviwo gbɔ, meɖo ŋɔdzi me le trɔ̃subɔlawo gbɔ, meɖo ŋɔdzi me le du me, meɖo ŋɔdzi me le gbedzi, meɖo ŋɔdzi me le atsiaƒu dzi, meɖo ŋɔdzi me le aʋatsonɔviawo dome;


Eye miawo miezu míawo kple Aƒetɔ la srɔ̃lawo, esi miexɔ nya la le xaxa geɖe me kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe dzidzɔ,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite