Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 17:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 elabena eya me míele agbe, eye míeʋãna le, eye miele, abe alesi miaƒe henɔa ɖewo hã gblɔ ene bena: „Elabena eƒe dzidzime miawo hã míenye.“

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 ‘Eya mee míele agbe le, eye míeʋãna le, eye míele.’ Abe ale si miaƒe hɛnɔ aɖe gblɔe ene be, ‘Míawoe nye Mawu viwo.’

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 17:28
16 Referans Kwoze  

Eya, amesi si me nu gbagbewo katã ƒe luʋɔ kple amegbelɔwo katã ƒe ŋutilã ƒe gbɔgbɔ le!


eye eyama tre dzɔdzɔ na nuwo katã, eye nuwo katã nɔa anyi le eyama me,


amesi nye teƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ kple eƒe mawunyenye ƒe nɔnɔme, eye wòtsɔa eƒe ŋusẽ ƒe nya léa nuwo katã ɖe asi: eye esi wòwu miaƒe nuvɔ̃wo ƒe kɔklɔɖa nu va la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye ƒe nuɖusi me le dziƒo;


Woɖi ƒo kple aƒewò me nu gbogboawo, eye nèkpe wò vivisese ƒe tɔsisi na wo wono ɖi kɔ.


Ke Mawu la, menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo tɔe; elabena wo katã wole agbe nɛ.


Elabena sigbe alesi agbe le Fofo la ŋutɔ ɖokui me la, nenema ke wòna Vi la hã be, agbe nanɔ esi le eya ŋutɔ ɖokui me:


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe;


Eya, amesi le míaƒe luʋɔ de agbe, eye meɖe ke le míaƒe afɔ te o.


Gakpe ɖe esia ŋuti la mia ŋutilã me fofo, siwo nɔ mía si la, he mí, eye miesi wo ɖa; ɖe míaɖo to gbɔgbɔwo ƒe Fofo la boŋ geɖe awu, eye mianɔ agbe o mahã?


Ne amea ɖe tso ti yowòme, eye wòle wò ku dim la, ekema woabia wò agbe ɖe agbagbeawo ƒe nu me ɖe Yehowa, wò Mawu gbɔ; ke woatsɔ wò futɔwo ƒe agbe ade akafo me aɖa!


Eɖo ɖokuiwò ɖe dzi ɖe dziƒo ƒe Aƒetɔ la ŋu, eye wofɔ eƒe aƒe me nuwo vɛ na wò, mia kple wò amegãwo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãwo mieno wein le wo me, eye nèkafu mawu, siwo nye klosalo, sika, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe, siwo mekpɔa du o, womesea nu o, eye womedzea si nu o; ke Mawu, amesi si me wò agbe kple wò mɔwo katã le la, mede bubu eya ŋu o.


amesi nye Enos vi, amesi nye Set vi, amesi nye Adam vi, amesi nye Mawu tɔ.


Wo dometɔ ɖeka, si nye woa ŋutɔwo ƒe nyagblɔɖila la, gblɔ be: „Kretatɔwo nye aʋatsokalawo ɖaa, lã vɔ̃ɖiwo, ƒodo wɔkuviawo.“


eye nalɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye naku ɖe eŋu, elabena eya nye wò agbe, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo be, yeatsɔ na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


Tete fia, Zedekiya ka atam na Yeremya le adza me bena: Metà Yehowa, amesi na agbe sia mi la ƒe agbe: Ne mawu wò alo atso wò ade asi na ŋutsu, siwo le wò ku dim la fi!


Elabena amesi kɔa amewo ŋuti kple amesiwo ŋuti wokɔ la, wo katã dzɔ tso ame ɖeka me, eyata ŋu mekpee be, wòayɔ wo be nɔviwo o:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite