Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 17:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 eye wòwɔ bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba da ƒe ŋku me: eye wòɖo azãgbewo kple woƒe nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Mawu siae wɔ amegbetɔ siwo katã tso dzɔtsoƒe ɖeka, eye wokaka ɖe xexea me ƒe akpa ɖe sia ɖe. Eɖo liƒo kple ɣeyiɣi na dukɔwo da ɖi xoxo.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 17:26
20 Referans Kwoze  

Eye ame la tsɔ ŋkɔ na srɔ̃a bena Xawa, elabena eya ava nye ame gbagbewo katã dada.


Ɖe menye fofo eɖekae li na mi katã oa, eye ɖe menye Mawu fɖekae me mi oa? Nukaŋuti mia dome amesiame awɔ nu tovo ɖe ehavi ŋu, ne míagblẽ kɔ ɖo na mia fofowo ƒe nubabla la?


Elabena alesi amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me.


Ame gbãtɔ, si tso anyigba me la, enye anyigbadzitɔ, ame evelia enye Aƒetɔ si tso dziƒo la.


Ke nye la, ŋuwò meɖo ŋu ɖo, Yehowa; megblɔ be, nye Mawu nènye.


Ne woɖo eƒe ŋkekewo, eƒe dzinuwo ƒe xexlẽme le gbɔwò, eye nèdo liƒo nɛ, si dzi magbɔ o la,


Enana duwo dzina ɖe dzi, eye wòtsrɔa wo; enana dukɔwo kekea ta, eye wògakplɔa wo dzonɛ.


Noa viŋutsu etɔ̃ siawo me amegbetɔwo katã dzo tso hekaka ɖe anyigba blibo la katã dzi.


Nunyalawo dometɔa ɖewo atsi aʋa ne woado wo akpɔ kple dzo, woakɔ wo ŋuti, ne wo me nadza vaseɖe nuwuɣi, si wodo ɖi la.


Fia eveawo aɖo ta me ɖe gbegblẽ ŋu, eye woagblɔ alakpanya le kplɔ̃ ɖeka ŋu, ke madze edzi na wo o, elabena ɣeyiɣi woɖo na nuwuwu la.


Agbo, fa avi; du, do ɣli: Filisti-nyigba blibo la, lolo gbanaa! Elabena dzudzɔ tso anyiehe gbɔna, eye amea ɖeke metsi megbe le eƒe aʋawɔlawo dome o.


aleke gɔ̃ míawo míele sisi gee, ne mielé be na ale xɔxɔ gã sia o mahã? Esia ŋutinya Aƒetɔ la gblɔ gbã, eye amesiwo see la, ka de edzi na mi,


Migblɔe, eye mihee vɛ, woade adaŋu kple wo nɔewo. Ameka na wose nusiawo gbaɖegbe ke, eye wògblɔe tso blema ke? Nye Yehowa ye, eye mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye o!


wònya tso keke blema ke la wɔm.“


Wòe de anyigba ƒe liƒowo katã, eye wòe wɔ dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli.


Nyee tso nye ŋusẽ gã kple nye alo, si le dzi la, wo anyigba, amegbetɔwo kple lãwo, siwo le anyigba dzi, eye amesi dze ŋunye la, metsɔnɛ na.


Gake la medzudzɔ ɖaseɖiɖi le eɖokui ŋuti o, le esime wòwɔa nyuie, eye wòna tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo, eye wotsɔ nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũ.


Eyae dzidze nu na wo, eye eƒe asie tso dzidzeka mãe na wo, anye wo to tegbee, eye woanɔ edzi tso dzidzime yi dzidzime.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite