Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 17:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye Epikuro- kple Sloa-nunyaxɔlɔ̃a ɖewo hã sẽ nu kplii. Eye amea ɖewo gblɔ bena: Nuka gɔ̃ dim nuƒola sia le be, yeagblɔ Ke ɖewo bena: Ewo abe dutamawuwo fiãm wòle ene; elabena egblɔ Yesu kple tsitretsitsi ƒe nyanyuie la fia wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Paulo dzro nya me kple xexemenunyala gã aɖewo siwo woyɔna be Epikurea kple Stoiktɔwo hã. Wo dometɔ aɖewo bia be, “Nu kae nukpoloeƒola sia le didim be yeagblɔ?” Ɖewo gblɔ be, “Ewɔ abe dutamawuwo ŋue wòle nu ƒom le ene.” Wogblɔ esia, elabena Paulo nɔ nyanyui la gblɔm ku ɖe Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 17:18
16 Referans Kwoze  

Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me o, le amewo ƒe nuɖoanyi kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo la nu, eye menye le Kristo nu o.


le esi wòve wo bena, wole nu fiãm dukɔ la, eye wole tsitretsitsi tso ame kukuwo dome gblɔm fia le Yesu ŋuti la ta.


Eye esi wòdo go tso afima la, agbalẽfialawo kple farisitɔwo lée ɖe do me vevie ŋutɔ, eye wole aɖe dem nu me nɛ le nu geɖewo ŋuti,


Míenye bometsilawo le Kristo ŋuti, ke miawo la nunyalawo míenye le Kristo me; miawo la miegbɔdzɔna, ke miawo la miesẽa ŋu; wobua mi, ke miawo la woɖoa vlo mi.


Amea ɖeke nagable eɖokui o: Ne mia dome amea ɖe bu eɖokui nunyala le xexe sia me la, nezu bometsila, bene wòazu nunyala.


Esime wole edzi bena, nunyalawo yewonye la, wozu bometsilawo,


bena Kristo lakpe fu, eye bena wòanye gbãtɔ le lãme kukuwo ƒe tsitretsitsi la me, eye wòaɖe gbe ƒã kekeli afia dukɔ la kple trɔ̃subɔlawo siaa.


Eye esi wòva nusrɔ̃lawo gbɔ la, ekpɔ ameha gãa ɖe ƒo xlã wo, eye agbalẽfialawo le nu sẽm kpli wo.


Ele ŋutsu, si le eɖokui bum nunyalae la kpɔma? Mɔkpɔkpɔ le bometsila ŋu wu eyama.


Megaƒo nu ɖe bometsila ƒe le me o, elabena ɖeko wòado vlo wò nunya ƒe nyawo.


Eye amea ɖewo tso ƒuƒoƒe, si woyɔna be Libertine-tɔwo kple Kirenetɔwo kple Aleksandriatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me, kpakple amesiwo tso Kilikia kple Asia la, tsi tre hele nusesẽe wɔm kple Stefano.


Eye gbesiagbe womedzudzɔ nuhaha kple nyanyuiegbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti le mawuxɔ me kple aƒe me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite