Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 17:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke esi Paulo le mɔ kpɔm na wo le Atene la, eƒe gbɔgbɔ bi azi le eme, esi wòkpɔ dua me yɔ fũ kple legbawo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Esi Paulo nɔ Sila kple Timoteo lalam le Atene la, eɖi tsa le dua me, eye wòɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be dua me yɔ fũu kple legbawo.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 17:16
20 Referans Kwoze  

Mekpɔ ame mawɔnuteƒewo, eye wòvem be, womeléa ŋku ɖe wò nyawo ŋu o.


eye wòɖe Lot dzɔdzɔetɔ, si ŋu ame gblẽkuwo ƒe hadzedzegbenɔnɔ sẽ ŋuta le la, tso me; —


Nye ŋkuwo le tsi kplɔm yoo abe tɔʋu ene, le esi womelé ŋku de wò sea ŋu o ta.


Eye esi wòkpɔ wo godoo kple dziku la, exa nu le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, eye wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo.


Ke nye la, ŋusẽ kple Yehowa ƒe gbɔgbɔ, dzɔdzɔenyenye kple dzideƒo yɔm fũ, ne magblɔ Yakob ƒe dzidadawo kple Israel ƒe nuvɔ̃wo nɛ.


Eye ne mebe, maɖe ŋku ɖa le edzi, eye magaƒo nu le eƒe ŋkɔ me o la, enɔa nye dzi me abe dzobibi nue wotu nu ɖo ɖe nye ƒuwo me ene, etsɔtsɔ tia ko nam, eye wògloam.


Mezu amedzro na nɔvinyeŋutsuwo, kple ame manyamanya na danyeviwo.


Eɖo ŋu bena: Ɖe meʋã ŋu ɖe Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la nu, elabena Israel-viwo gblẽ wò nubabla ɖi, wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi, eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi, ke nye ɖeka koe kpɔtɔ, eye wole nye agbe dim, be yewoaɖe ɖa.


Eɖo ŋu bena. Ɖe meʋã ŋu ɖe Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la, nu, elabena Israel-viwo gblẽ wò nubabla ɖi, wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi, eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi; ke nye ɖeka koe kpɔtɔ, eye wole nye agbe dim, be yewoaɖe ɖa.


Elabena esi metsa le dua me, eye mekpe miaƒe nu subɔsubɔwo ɖa la, mekpɔ mlekpuia ɖe hã, si dzi woŋlɔ ɖo bena: „Mawu, si womenya o la tɔe.“ Azɔ nusi mienyã o, hafi miele esubɔm la, eya ke gblɔm mele le mia fiãm.


Eye Yudatɔwo ƒe ŋutitoto la ɖo, eye Yesu yi ɖe Yerusalem.


Ke amesiwo ɖo Paulo ɖa la, wokplɔe vaseɖe Atene; eye esi woxɔ se na Sila kple Timoteo bena, woava egbɔ kaba la, wotrɔ.


Ke Atenetɔwo katã kple amedzro, siwo le afima la, womekpɔa vovo na nu bubua ɖeke wɔwɔ o, negbe na nya yeye gbɔgblɔ alo esese ko.


Nusiawo megbe la Paulo dzo le Atene, eye wòva Korinto.


Eye azɔ, kpɔ ɖa, mele babla le gbɔgbɔa me heyina Yerusalem, eye nyemenya nusiwo le dzinye va ge le afima o;


Eyaŋuti esi miegale ŋu do dzi o la, edze mía ŋu nyuie bena, woagblẽ míawo ɖeɖe ɖi ɖe Atene,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite