Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 17:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke esi Yudatɔ, siwo le Tesalonika, se bena, Paulo gblɔ mawunya la fia le Beroia hã la, wova afima hã, eye wode zi amehawo me hele woƒe tame blum.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Esi Yudatɔ siwo tso Tesalonika la gase be Paulo nɔ mawunya gblɔm le Berea la, wogati wo yome yi afi ma hã, eye wògade zi ameawo me ɖe wo ŋu.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 17:13
14 Referans Kwoze  

Ke esi wòsusɔ ʋee, ne woawu ŋkeke adreawo nu la, Yudatɔwo tso Asia, esi wokpɔe le mawuxɔa me la, wode zi ameha blibo la katã me eye woɖo asi edzi


Ke esi Yudatɔwo ʋã ŋu la, wotsɔ ablɔmeme vlowo dome ŋutsu vɔ̃ɖia ɖewo kpe ɖe wo ɖokui ŋu, eye esi wona ameawo ƒo zi la, dua me ɖi hoo, eye wova tsi tre ɖe Yason ƒe xɔ nu, eye wodi bena, yewoakplɔ wo ayi ɖe ameha la me.


Eye Yudatɔ, siwo mexɔe se o la, de zi trɔ̃subɔlawo ƒe luʋɔwo me, eye wodo ada wo ɖe nɔviawo ŋu.


Eye wode zi dukɔ la kple amegãwo kpakple agbalẽfialawo me; eye wova dze edzi, eye wòlée hekplɔe yi ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me;


Ke baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, bena mietua dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu; elabena mia ŋutɔwo mieyina ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme hã la, mieɖea mɔ na wo be, woayi o.


Ŋubiala ɖɔa dzre, ke amesi ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, woaɖi ƒo nɛ taŋ.


Miebu xa bena, ŋutifafa na ge meva le anyigba dzi mahã? Kpao, mele egblɔm na mi bena, memamã boŋ ye;


Dɔmedzoetɔ ɖɔa avu, ke tufala tsia dzre nu.


Amea ɖeke meli ɖe Axab, si tsɔ eɖokui ƒle na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋku me la nu o, elabena srɔ̃ Izebel ye blee de eme.


Eye esi woto Amfipoli kple Apolonia la, wova Tesalonika, afisi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒea ɖe le:


Ke nɔviawo dɔ Paulo kple Sila ɖe Beroia enumake le zã me. Esi woawo ɖo afima la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe me.


Eye amesiwo ɖoe ɖa vaseɖe Asia la, woawo nye: Sopatre, Piro, Beroiatɔ la ƒe vi, Aristarxo kple Sekundo tso Tesalonika; Gayo, Derbetɔ, kple Timoteo; Tixiko kple Trofimo tso Asia.


Mezɔ mɔ enuenu; meɖo ŋɔdzi me le tɔsisiwo dzi, meɖo ŋɔdzi me le adzodalawo dome, meɖo ŋɔdzi me le nye dukɔmeviwo gbɔ, meɖo ŋɔdzi me le trɔ̃subɔlawo gbɔ, meɖo ŋɔdzi me le du me, meɖo ŋɔdzi me le gbedzi, meɖo ŋɔdzi me le atsiaƒu dzi, meɖo ŋɔdzi me le aʋatsonɔviawo dome;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite