Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 17:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye esi woto Amfipoli kple Apolonia la, wova Tesalonika, afisi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒea ɖe le:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Azɔ ame eveawo zɔ mɔ to Amfipolis kple Apolonia nutowo me va ɖo Tesalonika, afi si Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe aɖe le.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 17:1
13 Referans Kwoze  

eye esime menɔ Tesalonika gɔ̃ hã la, miedo nusi wo hiãm la ɖem zi ɖeka kple zi eve.


Paulo kple Silvano kple Timoteo woŋlɔ ɖo ɖe Tesalonikatɔwo ƒe hame, si le Mawu, Fofo la, kple Aƒetɔ Yesu Kristo me: Amenuveve kple ŋutifafa, si tso! Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi!


Paulo kple Silvano kple Timoteo woŋlɔ ɖo ɖe Tesalonikatɔwo ƒe hame, si le Mawu, mía Fofo, kple Aƒetɔ Yesu Kristo me:


Eye amesiwo ɖoe ɖa vaseɖe Asia la, woawo nye: Sopatre, Piro, Beroiatɔ la ƒe vi, Aristarxo kple Sekundo tso Tesalonika; Gayo, Derbetɔ, kple Timoteo; Tixiko kple Trofimo tso Asia.


Elabena Dema gblẽm tii, le esi wògalɔ̃ fifi xexe sia me la ŋuti, eye wòyi ele Tesalonika; Kreske yi de Galatia, Tito yi de Dalmatia.


Eye esi mieɖo Adramitio-ʋua ɖe, si le didim be, yeadze ɖe Asia ƒe ʋudzeƒewo la, míeho yi; eye Makedoniatɔ Aristarxo, si tso Tesalonika la, kpe ɖe mía ŋu.


Ke esi Yudatɔ, siwo le Tesalonika, se bena, Paulo gblɔ mawunya la fia le Beroia hã la, wova afima hã, eye wode zi amehawo me hele woƒe tame blum.


Ke amesiawo ɖo ʋu wu amesiwo le Tesalonika, woawo la woxɔ nya la kple dzi faa, eye wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo le eme hã.


Eye le Sabat-ŋkeke dzi la mieɖo go tso dua me yi ɖe tɔ nu, afisi míesusu bena, enye woƒe gbedoɖaƒe: eye esi míebɔbɔ nɔ anyi la, mieƒo nu na nyɔnu, siwo va ƒo ƒu ɖi.


Elabena tso blema ke Mose ƒe gbeƒãɖelawo le du sia du me le esime be, woxlẽnɛ le ƒuƒoƒewo le Sabat sia Sabat dzi.


Eye wòva ve me le Ikonio bena, woa kple eve la woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me, eye woƒo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo dome ame geɖewo xɔe se.


Ke nɔviawo dɔ Paulo kple Sila ɖe Beroia enumake le zã me. Esi woawo ɖo afima la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe me.


ke boŋ wònye míekpe fu, eye wodo vlo mi le Filipi tsã hafi, abe alesi mienyae ene, gake míekpɔ dzideƒo le mía Mawu me hegblɔ eƒe nyanyuie la fia mi le ʋiʋli geɖe me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite