Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 16:37 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

37 Ke Paulo gblɔ na wo bena: Esi woƒo mí ʋɔnu madrɔ̃madrɔ̃e le ablɔ me, mi amesiwo nye Romatɔwo, eye wode mi gaxɔ me, ke azɔ la woaɖe mi ado goe le adzamea? Gbeɖe! Negbe woawo ŋutɔwo koe ava kplɔ mi ado goe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

37 Ke Paulo gblɔ na kpovitɔwo be, “Woƒo mí le dutoƒo ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e togbɔ be míenye Romatɔwo hã; wode mí gaxɔ me, ke azɔ la, woaɖe mí ado goe le adzamea? Gbeɖe! Ɖeko woawo ŋutɔ nava hafi woakplɔ mí adoe.”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 16:37
11 Referans Kwoze  

Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene.


Amea ɖeke menyãa ame vɔ̃ɖiwo ɖe nu, hafi wosina o; ke ame dzɔdzɔewo ɖea dzi ɖi abe dzatavi ene.


Ɖe gbegblẽ ƒe zikpui, si tsoa hiãkame ɖoa anyi ɖe sea teƒe la, ade ha kpliwòa?


Ke srɔ̃a Yosef, si nye ame dzɔdzɔe, eye mele didim be, yeado ŋukpee o la, do tame bena, yeagblẽe ɖi le aɖaŋu me.


Eyaŋuti maƒoe, eye maɖe asi le eŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite