Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 16:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Eye gaxɔdzikpɔla to nya siawo na Paulo bena, du me dziɖulawo dɔ ame ɖa, be woaɖe asi le mia ŋu; eyata mido go azɔ, ne miayi le ŋutifafa me!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

36 Gaxɔdzikpɔla la gblɔ nya la na Paulo be, “Ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo gbe ɖa be woaɖe asi le wò kple Sila ŋuti, eya ta miate ŋu adzo azɔ. Miyi le ŋutifafa me.”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 16:36
13 Referans Kwoze  

Eye esi wonɔ afima ʋee la, nɔviawo do mɔ wo le ŋutifafa me ɖo ɖe amesiwo dɔ wo ɖa la gbɔ.


Ŋutifafa gblẽm mele ɖi na mi; nye ŋutifafa tsɔm mele na mi; menye alesi xexeame nana la, nye la mele mia nam o. Miaƒe dzi nagaʋuʋu nyanyanya o, eye dzika hã nagatso mia ƒo o!


Tete gaxɔdzikpɔla ɖi vo tso alɔ me; eye esi wòkpɔ bena, gaxɔla ƒe ʋɔtruawo le nuvo la, edi yi, be yeawu ye ɖokui.


Ke egblɔ nɛ bena: Vinyenyɔnuvi, wò xɔse la de wò; heyi le ŋutifafa me, wò lãme nasẽ tso wò dɔléle la me!


Egblɔ nɛ bena: Heyi le ŋutifafa me! Eye esi wòdzo le egbɔ eyome bu vie la,


Eyata gbugbɔ yi le ŋutifafa me, eye megawɔ nusi medze Filistitɔwo ƒe amegãwo ŋu o!


Eye Dawid xɔ nusiwo wòtsɔ vɛ la le esi, eye wògblɔ nɛ bena: Yi aƒe le ŋutifafa me! Kpɔ ɖa, mese wò gbe, eye meve nuwò!


Eye Yonatan gblɔ na Dawid bena: Yi le ŋutifafa me; nusi dzi mía ame eve míeka atam ɖo le Yehowa ƒe ŋkɔ dzi bena, Yehowa nanɔ mía kple wò, nye dzidzimeviwo kple wò dzidzimeviwo dome la, nanɔ anyi tegbee!


Tete Eli gblɔ bena: Yi le ŋutifafa me, Israel ƒe Mawu la awɔ nusi nèbiae la na wò!


Nunɔla la ɖo ŋu na wo bena: Miyi le ŋutifafa me! Miaƒe mɔ, si dzi miele la, dze Yehowa ŋu.


Eye Mose trɔ gbã va toa Yetro gbɔ, eye wògblɔ nɛ bena: Mele didim be, magbugbɔ aɖakpɔ nɔvinyewo ɖa le Egipte be, wogale agbe mahã? Yetro ɖo ŋu; na Mose bena. Heyi faa!


Esi woƒo wo kakaka la, wode wo gaxo me, eye wode se na gaxɔdzikpɔla be, woadzra wo ɖo dedie.


Ke esi ŋu ke la, dua me dziɖulawo dɔ atikplɔwo ɖa gblɔ bena: Miɖe asi le ame mawo ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite