Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 16:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Ke esi ŋu ke la, dua me dziɖulawo dɔ atikplɔwo ɖa gblɔ bena: Miɖe asi le ame mawo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

35 Le ŋdi me la, ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo kpovitɔwo ɖe gaxɔdzikpɔla la kple gbeɖeɖe sia be, “Ɖe asi le ŋutsu mawo ŋu ne woadzo.”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 16:35
9 Referans Kwoze  

Tete woɖo toe; eye esi woyɔ apostoloawo ve la, woƒo wo, eye wode se na wo be, woagaƒo nu le Yesu ƒe ŋkɔa dzi o, eye wodo mo wo.


Ke esi wogado ŋɔdzi na wo ɖe edzi la, woɖe asi le wo ŋu, esi womekpɔ naneke woatsɔ ahe to na wo o la ta, le dukɔ la ŋuti; elabena ameawo katã le Mawu kafum le nusi ke va me la ŋuti.


Yehowa be: Ɖe miagbem vɔvɔ̃, eye miadzo nyanyanya le ŋkunye me oa? Nye amesi tsɔ ke do liƒo na atsiaƒu wònye kpododo mavɔ, si dzi magbɔ o, ne edze agbo hã, mate ŋui o, eye ne eƒe tsotsoewo le gbe ɖem hã, magbɔ edzi ayi o.


esime Mawu tso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, ne wòaxɔ na anyigba dzi hiãtɔwo katã. Sela.


Eye ne wokplɔ mi yi ɖe ƒuƒoƒewo kple dziɖulawo kple ŋusẽtɔwo ƒe ŋku me la, migatsi dzimaɖi be, aleke miawɔ alo nuka tsɔ ge míala aɖe mia ɖokui nu alo agblɔ o;


Eye wòkplɔ wo yi eƒe me heɖo kplɔ na wo, eye wòkpɔ dzidzɔ kple eƒeme katã bena, yexɔ Mawu dzi se.


Eye gaxɔdzikpɔla to nya siawo na Paulo bena, du me dziɖulawo dɔ ame ɖa, be woaɖe asi le mia ŋu; eyata mido go azɔ, ne miayi le ŋutifafa me!


Eye atikplɔtɔwo to nya siawo na dua me dziɖulawo; ke esi wose bena, Romatɔwo wonye la, wovã,


Tete Yosua de se na nunɔlawo bena: Mido go le Yordan la me!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite