Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 16:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Eye wòkplɔ wo do goe gblɔ bena: Aƒetɔwo, nukae le nam be mawɔ, bena makpɔ ɖeɖe mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

30 Ekplɔ wo do goe hebia be, “Aƒetɔwo, nu kae le nam be mawɔ be makpɔ ɖeɖe?”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 16:30
16 Referans Kwoze  

Ke esi wose esia la, etɔ woƒe dzi me, eye wogblɔ na Petro kple apostolo mamleawo bena: Ŋutsuwo kple nɔviwo! Nuka wɔ ge míala?


Eye megblɔ bena: Nuka mawɔ, Aƒetɔ? Ke Aƒetɔ la gblɔ nam bena: Tsi tre, ne nayi Damasko: eye afima woagblɔ nusiwo katã woɖo ɖi na wò be nawɔ la, na wò.


Ŋutsuwo, nukae nye esi wɔm miele? Miawo hã amegbetɔ, siwo nu vena la mienye abe miawo ke ene, eye miele nyanyuie la gblɔm fia mi, bena miatrɔ atso nenem yakanu siawo gbɔ ava Mawu gbagbe, si wɔ dzi kple anyigba kple atsiaƒu kpakple nusiwo katã le wo me la gbɔ;


Eye amehawo biae bena: Ekema nuka wɔ ge míala?


Azɔ mitse ku, si dze dzimetɔtrɔ,


Ekema àyɔ Yehowa, eye woatɔ na wò; àdo ɣli, eye wòagblɔ be: Nyee nye si! Ne èɖe ameteteɖeanyi, asifiafia me kple nu vɔ̃ɖi ƒoƒo le dowòme,


Elabena nublanuikpɔkpɔ manɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me na amesi mèfia nublanuikpɔkpɔa ɖeke o; ke nublanuikpɔkpɔ ƒoa adegbe ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.


Eya la, esi wòxɔ se sia la, etso wo ɖe gaxɔ titinatɔ me, ke, eye wòbɔ pã woƒe afɔwo.


Amesia dze Paulo kple mia yome, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Nenem me siawo la, Mawu dzifoʋĩtɔ la ƒe dɔlawo wonye, amesiwo le agbexɔxɔmɔ gblɔm fia mí.


Eye esi wòle dzodzom nyanyanya, eye dzidzi ƒoe la, egblɔ bena; Aƒetɔ, nuka dim nèle, be mawɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Tsi tre, eye nayi ɖe dua me, eye woagblɔ nusi ele be, nawɔ la na wò.


Aleke amegbetɔ ƒe nya adzɔ le Mawu gbɔ, eye nyɔnu tɔ dzidzia adze?


Woayra amesiwo le nublanui kpam na amewo la: elabena woawoe woakpɔ nublanui na.


Ɖe menye esia nye nutsitsidɔ, si melɔ̃na la oa be, woaɖe ga madzɔmadzɔwo, woatu kɔkuti ƒe kawo, woana ablɔɖe amesiwo wote ɖe anyi, eye míaŋe kɔkutiwo katã,


Nusi kpɔm nyemele o la, fiaem, eye ne mewɔ nu madzɔmadzɔa ɖe la, nyemagawɔe azɔ oa?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite