Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 16:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Amesia dim Paulo le bena, woakpe ɖe ye ŋuti, eye wòtso aʋa nɛ le Yudatɔ, siwo le afima nutoawo me la ta; elabena wo katã wonyae bena, fofoa nye Helatɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Le esia ta la, Paulo bia tso esi be wòadze yewo yome le yewoƒe mɔzɔzɔ la me. Hafi woadze mɔ la, Paulo tso aʋa na Timoteo be wòaganye nuɖianu na Yudatɔ siwo le nuto la me o, elabena ele nyanya me na ame sia ame be Helatɔe nye Timoteo fofo.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 16:3
10 Referans Kwoze  

Ke Tito, si li kplim gɔ̃ hã la, Helatɔ wònye hafi; gake womezi edzi bene, wòana woatso aʋa nɛ o.


eye mezu abe Yudatɔ ene hena Yudatɔwo, bena asinye nasu Yudatɔwo dzi; eye mezu abe amesi le sea te ene hena amesiwo le sea te, wònye nye ŋutɔ nyemele sea te hafi o, bene asinye nasu amesiwo le sea te la dzi;


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso mate ŋu awɔ naneke o, eye aʋamatsomatso hã nenema ke, hafi boŋ xɔse, si sẽa ŋu le bla me lae.


elabena amesi wɔ dɔ ŋusẽtɔe na Petro le aʋatsotso ƒe apostolonyenye me la, eya kee wɔ dɔ ŋusẽtɔe na nye hã le trɔ̃subɔlawo dome —


Aʋatsotso la menye naneke o, eye aʋamatsomatso hã menye naneke o, ke Mawu ƒe sedziwɔwɔ enye nu la.


Ke Paulo fia Sila kpe ɖe eɖokui ŋu, eye esi nɔviawo tsɔe de Mawu ƒe amenuveve me la, edzo heyi.


Eye Barnaba ɖi bena, yewoatsɔ Yohanes, si woyɔna be Marko la, akpe ɖe yewo ɖokui ŋu.


ke boŋ la miaŋlɔ na wo bena, woatsri trɔ̃wo ƒe ɖiƒoƒo kple ahasiwɔwɔ kple lã tsiʋumewo kpakple ʋu.


Ke mienya eƒe kelili bena, abe vi kple tɔ ene la, nenema wòsubɔ kplim le nyanyuie la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite