Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 16:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 eye esi wokplɔ wo yi ɖe dua me dziɖulawo gbɔ la, wogblɔ bena: Amesiawo la, Yudatɔwo wonye, eye wole míaƒe du la nyamam;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Wotso wo nu le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume be, “Yudatɔ siawo va le to gblẽm na amewo le dua me

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 16:20
14 Referans Kwoze  

Mi ahasiwɔlawo, mienya bena, xexeame ƒe xɔlɔ̃dzedze enye ketɔnyenye na Mawu oa? Eyaŋuti amesi dina be, yeanye xexeame ƒe xɔlɔ̃ la, etso eɖokui wɔ Mawu ƒe ketɔ.


Eye migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.


Ke miele didim bena, miase nusi susum nèle la, atso nuwò; elabena miese bena, wogblɔ nya ɖe kɔmamã sia ŋuti le afisiafi.


Ke esi wodze sii bena, Yudatɔ wònye la, wo katã wodo ɣli kple gbe ɖeka ano gaƒoƒo eve sɔŋ bena: Gãe nye Efesotɔwo ƒe Diana la!


Eye wòkpɔ Yudatɔa ɖe, eŋkɔe nye Akwila, si wodzi le Ponto, amesi kple srɔ̃a Priskila wotso Italia va medidi o; elabena Klaudio ɖe se bena, Yudatɔwo katã nadzo le Roma; eye wòva wo gbɔ,


Ke esi fia Herodes se esia la, dzika tso eya kple Yerusalem katã ƒo.


Tete amegãwo gblɔ na fia la bena: Woawu ŋutsu sia, elabena ele alɔgblɔlɔ dom aʋawɔla, siwo kpɔtɔ ɖe du sia me kple dukɔ blibo la, esi wòle nya siawo tɔgbe gblɔm na wo la; elabena ŋutsu sia mele dukɔ la ƒe nyui dim o, negbe woƒe dzɔgbevɔ̃e ko.


Ke esi eƒe aƒetɔwo kpɔ bena, woƒe viɖenu, si dzi woɖoa ŋu ɖo la, do go la, wolé Paulo kple Sila, eye wohe wo yi asi me ɖe amegãwo ƒe ŋku me;


eye wole kɔ, siwo medze mi be, miaxɔ alo mianyi o la, gblɔm fia mi, elabena Romatɔwo míenye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite