Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 15:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Eye wòzu dɔmedzoe na wo, eye womã tso wo nɔewo gbɔ. Barnaba tsɔ Marko kpe ɖe eɖokui ŋu, eye woɖo ʋu yi Kipro.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

39 Nu sia he masɔmasɔ de Paul kple Barnabas dome ale gbegbe be wo dome ma. Barnabas kplɔ Marko ɖe asi, eye woɖo tɔdziʋu yi Kipro.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 15:39
15 Referans Kwoze  

Aristarxo, hanyegatɔ, kple Marko, Barnaba srɔ̃nyi, si ŋuti miexɔ ɖu le la — ne eva mia gbɔ la, mixɔe —


Elabena mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne amea ɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.


Ke Yosef, amesi apostolowo yɔna hã be Barnaba, esi ƒe gɔme woɖe bena akɔfafavi, si nye Lewitɔ, amesi wodzi le Kipro la, agble le esi,


Elabena ame dzɔdzɔea ɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ, eye mewɔa nuyɔ o.


Ke esime wo dome ŋutsua ɖewo tso Kipro kple Kirene va Antioxia la, woƒo nu na Helatɔwo hã hele Aƒetɔ, Yesu ŋuti nyanyuie la gblɔm fia wo.


Eye le ŋkeke siawo me, esime nusrɔ̃lawo le agbɔ sɔm la, liʋiliʋi ɖo Helatɔwo dome de Hebritɔwo ŋu, elabena wosaa woawo ƒe ahosiwo ɖi le gbesiagbe dzikpɔkpɔ la me.


Eye esi mieho tso afima la, mieɖo abala to Kipro ƒe anyiehe; elabena ya ƒo le mia kpem.


Eye esi menye nusese kple anukutsyɔtsyɔ via ɖe wònye dzɔ ɖe woawo kple Paulo kple Barnaba dome o la, woɖo bena, Paulo kple Barnaba kpakple wo dometɔa ɖewo nayi apostolowo kple hamemegã, siwo le Yerusalem la gbɔ le biabia sia ta.


Mekpɔ nuwo katã ƒe nuwuwu, ke seƒeɖo meli na wò se la o.


Wodo dziku na eƒe gbɔgbɔ, eye nya ge le enu.


Eye esi wòle eŋuti bum la, eva Maria, Yohanes, si woyɔna be Marko la, dada ƒe xɔ nu, afisi ame geɖewo ƒo ƒu do hele gbe dom ɖa la.


Eye Barnaba ɖi bena, yewoatsɔ Yohanes, si woyɔna be Marko la, akpe ɖe yewo ɖokui ŋu.


Hame, si wolia kpakpli mi le Babilon kple vinye Marko ɖuɖɔ mi ƒã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite