Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 15:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Elabena esi miese be, amea ɖewo tso mia dome va blu miaƒe tame kple nyawo, eye wonyama miaƒe luʋɔwo gblɔ bena, woatso aʋa na mi, eye mialé se la me ɖe asi, evɔ miede sea ɖeke na wo o la;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Míese be xɔsetɔ aɖewo, siwo tso mía gbɔ le afi sia la va mia dome, eye wova gblɔ nya aɖewo, siwo ɖe fu na miaƒe susu, eye woʋuʋu miaƒe xɔse kple ɖeɖekpɔkpɔ. Míedi be mianya be menye míawoe dɔ ame siawo ɖo ɖe mi o.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 15:24
12 Referans Kwoze  

Oo, ɖe wòala amesiwo de dzi mia me la ɖa!


Nye la meɖo ŋu ɖe mia ŋu le Aƒetɔ la me bena, miele nu bubua ɖeke susu ge o; ke amesi ke blu miaƒe tame la, eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ anɔ edzi, ameka ke wòɖanye o!


Eye amea ɖewo tso Yudea va fia nu nɔviawo bena: Ne wometso aʋa na mi le Mose ƒe kɔa nu o la, miate ŋu akpɔ xɔxɔ o.


wònye nyanyuie bubua ɖeke meli o, negbe bena amea ɖewo li, siwo blu miaƒe tame, eye wole didim be, yewoadze ŋe Kristo ƒe nyanyuie la.


Mia dome wodo tso; gake womenye mía dometɔwo o; elabena ɖe wònye mía dometɔwo wonye la, anye ne woanɔ mía gbɔ ɖaa; ke ɖe wodo, bene woaɖe wo afia bena, menye wo katãe nye mía dometɔwo o.


Ɖo ŋu nusiawo na wo, eye naɖi ɖase na wo le Aƒetɔ la ŋku me, bene womagatsɔ nya awɔ dzre, si me viɖea ɖeke mele o la o, ke boŋ woblua nyaselawo ƒe tame.


Mi amesiwo ɖi be, woatso afia na mi to sea me la, woklã mi ɖa tso Kristo gbɔ: amenuveve la sie miege le.


Eyata ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Migaɖo to nyagblɔɖila, siwo le nya gblɔm ɖi na mi la o; mia flum wole, eye woawo ŋutɔ ƒe dzi ƒe ŋutega tom wole, menye Yehowa ƒe nu me wòtso o,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite