Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 15:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ke boŋ to Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve me la miexɔe se bena, míakpɔ xɔxɔ abe woamawo ke ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Ao, míexɔe se to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve me, eye esia me míekpɔ xɔxɔ abe woawo ke ene le.”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 15:11
14 Referans Kwoze  

eye wotso afia na wo faa le eƒe amenuveve me to fexexeɖeta, si nye Kristo Yesu ta la me,


Elabena Mawu ƒe amenuveve la ɖe eɖokui fia hetso xoxo vɛ na amewo katã,


ke esi míenyae bena, wometsoa afia na ame tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ to Yesu Kristo dzixɔxɔse me ɖeɖeko ŋuti la, eyata míawo hã míexa Yesu Kristo dzi se, bene woatso afia na mí to Kristo dzixɔxɔse me, eye menye tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o; elabena wometsoa afia na ŋutilãa ɖeke tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o.


Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.


Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi! Nye lɔlɔ̃ nanɔ anyi kpli mi katã le Kristo Yesu me! Amen.


Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.


Gake menye sigbe alesi vodada li la, nenema ke nye amenuvevenunana hã o; elabena nenye ame ɖeka ƒe vodada ŋuti ame geɖewo ku ɖo la, ekema Mawu ƒe amenuveve kple nunana, si le Yesu Kristo, ame ɖeka ƒe amenuveve me la, sɔ gbɔ geɖe wu hegbã go ɖe ame geɖewo dzi.


Mewo yaa bena, miena wote mi ɖa tso amesi yɔ mi le Kristo ƒe amenuveve me la gbɔ kaba ŋutɔ ale heyina nyanyuie bubua ɖe me,


Eye wodzi ha yeye le gbɔgblɔm bena: Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite