Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 14:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Ke esi wova afima, eye woƒo hamea nu ƒu la, woka nu gã, siwo Mawu wɔ kpli wo la ta na wo, kple alesi wòʋu dzixɔse ƒe ʋɔtru na trɔ̃subɔlawo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 Esi wogbɔ va ɖo Antioxia la, woyɔ xɔsetɔawo katã ƒo ƒu hegblɔ nu gã siwo Mawu wɔ kpli wo la na wo. Wogblɔ ale si Mawu ʋu xɔse ƒe mɔ na ame siwo menye Yudatɔwo o la hã na ameawo.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 14:27
15 Referans Kwoze  

Elabena woʋu ʋɔtru gã, si na da geɖe la nam, eye adikãtɔ geɖewo li.


Tete ameha blibo la katã zi ɖoɖoe, eye woɖo to Barnaba kple Paulo ƒe nyaxexlẽfia le dzesi kple nukunu, siwo katã Mawu wɔ to woƒe asiwo dzi le trɔ̃subɔlawo dome la ŋuti.


eye mido gbe ɖa ɖe miawo hã mía ta, bene Mawu naʋu nya la ƒe ʋɔtru na mí, ne míagblɔ Kristo ƒe nya ɣaɣla, si ŋuti woblam ɖo hã,


Ke esi meva Troa Kristo ƒe nyanyuie gblɔ ge, eye woʋu ʋɔtru nam le Aƒetɔ me la,


le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, ne mia kple nye gbɔgbɔ va kpe la kpakple mía Aƒetɔ Yesu Kristo ɖe ŋusẽ la,


Elabena gbã la, ne mieƒo ƒu ɖe hame la ƒe takpekpe me la, mesena bena, mamãwo naa mia dome, eye mexɔa ɖewo dzi sena.


Elabena nyemado dzi agblɔ nyaa ɖeke o, negbe nusiwo Kristo wo to dzinye hena trɔ̃subɔlawo ƒe toɖoɖo le nyagbɔgblɔ kple dɔwɔwɔ me,


Eye esi wose nya siawo la, wozi ɖoɖoe, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Ekema Mawu na dzimetɔtrɔ trɔ̃subɔlawo hã hena agbe.


Eyaŋuti wogblɔ nɛ bena: Ekema aleke wo wò ŋkuwo ʋu mahã?


Ke Mawu ƒe amenuveve la ŋuti mezu nusi menye, eye eƒe amenuveve, si wotsɔ ve nunye la, menye dzodzro o, elabena medze agbagba geɖe wu wo katã; ke menye nyee o, hafi Mawu ƒe amenuveve, si le kpakplim la boŋ.


Azɔ la nenye hame blibo la katã va kpe ta ɖe afi ɖeka, eye amewo katã tsɔ gbegbɔgblɔ ƒo nu, eye numanyamanyatɔwo alo dzimaxɔsetɔwo ava ge ɖe eme la, womagblɔ bena, tsu kum miele o mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite