Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 14:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Tso afima woɖo ʋu va Antioxia, afisi wotsɔ wo de Mawu ƒe amenuveve me le hena dɔ, si nu wowu la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Mlɔeba la, woɖo tɔdziʋu tso Atalia hetrɔ va ɖo Antioxia, afi si wodze woƒe mɔzɔzɔ gɔme le. Afi siae wobia Mawu ƒe amenuveve na wo, ku ɖe dɔ si nu wowu fifia la ŋu.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 14:26
22 Referans Kwoze  

Ke Paulo fia Sila kpe ɖe eɖokui ŋu, eye esi nɔviawo tsɔe de Mawu ƒe amenuveve me la, edzo heyi.


Azɔ amesiwo ka hlẽ le xaxa, si va le Stefano ŋuti me la, tso me yi vaseɖe Foinike kple Kipro kpakple Antioxia, ke womegblɔ; nya la na amea ɖeke o, negbe na Yudatɔwo ɖeɖe ko.


Eye migblɔ na Arxipo bena: Kpɔ subɔsubɔdɔ, si su asiwò le Aƒetɔ me la dzi, be nawu enu!


amesi míawo míele gbe ƒã ɖem hele nu xlɔ̃m amesiame, eye míele nu fiam amesiame le nunya sia nunya me, bene miaɖo amesiame anyi blibo le Kristo me:


esi ƒe subɔla mezu le Mawu ƒe xɔnuvinyenye, si wonam le mia ta la nu, bena mawu mawunya ƒe do la nu:


Elabena miaƒe adegbeƒoƒo enye esi: Míaƒe dzitsinya ƒe ɖase, si wòɖina bena, miezɔ le xexe sia me le Mawu ƒe dzimekɔkɔ kple dzi dzadzɛ me, eye menye ŋutilã ƒe nunya me o: ke le Mawu ƒe amenuveve me boŋ, vevietɔ le mia dome.


le dzesiwo kple nukunuwo ƒe ŋusẽ me, le Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me, ale bena tso keke Yerusalem kple eƒe nutowo me godoo vaseɖe Iliriko ke meɖe gbe ƒã Kristo ƒe nyanyuie la le keŋ.


Eye wòva me bena, ƒe blibo ɖeka woƒo ƒu le hame la me, eye wofia nu ameha gãa ɖe, eye bena Antioxia woyɔ nusrɔ̃lawo le gbã be kristotɔwo.


Ɖe gbe ƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi kple nufiafia katã me.


Ke esi Petro va Antioxia la, metsi tre ɖe eŋu le eya ŋutɔ ŋku me; elabena wotso enu.


Azɔ woawo la, esi wodo mɔ wo la, wova Antioxia, eye woƒo ameha la nu ƒu, eye wotsɔ agbalẽ la na.


Eye azɔ la nɔviwo, metsɔ mi de Mawu si me kple eƒe amenuvevenya la me, amesi ate ŋu atu mi, eye wòana domenyinyi mi ɖe amesiwo katã ŋuti wokɔ la dome.


Tete wòdze apostoloawo kple hamemegãwo kpakple ha blibo la katã ŋu bena, yewoatia ŋutsua ɖewo atso yewo dome aɖo ɖe Antioxia akpe ɖe Paulo kple Barnaba ŋu, woawo nye Yuda, si woyɔna be Barsaba, kple Sila, ŋutsu, siwo nye amegãwo le nɔviawo dome.


Eye esi wotia amegãwo na wo le ha sia ha me la, wodo gbe ɖa kple nutsitsiɖɔ, eye wotso wo ɖe Aƒetɔ, si dzi woxɔ se la, si me.


Ke esime wo dome ŋutsua ɖewo tso Kipro kple Kirene va Antioxia la, woƒo nu na Helatɔwo hã hele Aƒetɔ, Yesu ŋuti nyanyuie la gblɔm fia wo.


Esi amesia va, eye wòkpɔ Mawu ƒe amenuvevea la, edzɔ dzi, eye wòde dzi ƒo na wo katã bena, woanɔ Aƒetɔ la gbɔ kple woƒe dzimeɖoɖo.


Eye le ŋkeke siawo me la nyagblɔɖilawo tso Yerusalem va Antioxia.


Ke Yudatɔwo tso Antioxia kple Ikonio va afima, eye esi woƒoe ɖe amehawo nu la, woƒu kpe Paulo, eye wohee do go tso dua me hebu xa bena, eku.


Eye esi wogblɔ nyanyuie la fia du ma, eye wowɔ ame geɖewo zu nusrɔ̃lawo la, wogbugbɔ va Listra kple Ikonio kpakple Antioxia,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite