Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 14:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye esi wogblɔ nyanyuie la fia du ma, eye wowɔ ame geɖewo zu nusrɔ̃lawo la, wogbugbɔ va Listra kple Ikonio kpakple Antioxia,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Wonɔ Derbe hegblɔ nyanyui la le afi ma ŋkeke ʋɛ aɖewo, eye ame geɖewo trɔ zu woƒe nusrɔ̃lawo. Emegbe la, wogatrɔ yi Listra, Ikonio kple Antioxia,

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 14:21
14 Referans Kwoze  

Ke Yudatɔwo tso Antioxia kple Ikonio va afima, eye esi woƒoe ɖe amehawo nu la, woƒu kpe Paulo, eye wohee do go tso dua me hebu xa bena, eku.


Eye wòva ve me le Ikonio bena, woa kple eve la woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me, eye woƒo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo dome ame geɖewo xɔe se.


Ke woawo la, esi woʋuʋu ke le woƒe afɔwo ŋuti ɖe wo ŋu la, wova Ikonio.


nye yometitiwo kple nye fukpekpe, siwo mekpe le Antioxia kple Ikonio kple Listra la yome; yometiti ma, siwo medo dzi kpe la, Aƒetɔ la ɖem tso wo katã me.


wodze sii, eye wosi yi ɖe Likaonia ƒe duwo, Listra kple Derbe, kple afima nutoawo me.


Ke woawo la wotsa tso Perge, eye wova ɖo Antioxia le Pisidia. Eye woyi ɖe ƒuƒoƒe me le Sabat-ŋkeke dzi, eye wobɔbɔ nɔ anyi.


Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, miade mawutsi ta na wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me,


Amesi ŋuti nɔvi, siwo le Listra kple Ikonio la, ɖi ɖase nyuie le.


Ke ŋkekea ɖewo megbe la Paulo gblɔ na Barnaba bena: Azɔ na miagbugbɔ ayi aɖakpɔ nɔviawo ɖa le du sia du, si me miegblɔ Aƒetɔ ƒe nya la le, alesi wole wɔwɔm.


Eye ŋutsua ɖe le Listra le anyinɔƒe, si metea ŋu tsia tre ɖe eƒe afɔwo dzi o, eye wònye tekunɔ tso keke dadaa ƒe dɔme ke; amesi mezɔ azɔli kpɔ o.


hele Mawu kafum, eye wokpɔ amenuveve le dukɔ blibo la katã gbɔ. Eye Aƒetɔ la tsɔa amesiwo kpɔ agbexɔxɔ la kpena ɖe ha la ŋu gbesiagbe.


Eye wogblɔ nyanyuie la fia le afima hã.


Ŋutsuwo, nukae nye esi wɔm miele? Miawo hã amegbetɔ, siwo nu vena la mienye abe miawo ke ene, eye miele nyanyuie la gblɔm fia mi, bena miatrɔ atso nenem yakanu siawo gbɔ ava Mawu gbagbe, si wɔ dzi kple anyigba kple atsiaƒu kpakple nusiwo katã le wo me la gbɔ;


Tso afima woɖo ʋu va Antioxia, afisi wotsɔ wo de Mawu ƒe amenuveve me le hena dɔ, si nu wowu la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite