Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 14:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Yudatɔ, siwo mexɔe se o la, de zi trɔ̃subɔlawo ƒe luʋɔwo me, eye wodo ada wo ɖe nɔviawo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Ke Yudatɔ siwo medina be yewoaxɔ Mawu ƒe ɖeɖenya sia dzi ase o la, gblɔ nya baɖa ƒomevi geɖewo ɖe wo nɔviawo ŋu. Wowɔ esia be ame siwo menye Yudatɔwo o la nagaxɔ woƒe nyawo dzi ase o.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 14:2
14 Referans Kwoze  

Tete Yudatɔwo de zi nyɔnu ŋkutatɔ, siwo vɔ̃a Mawu kple dumegãwo me, eye wona yometiti dzɔ ɖe Paulo kple Barnaba dzi, eye wonyã wo tso woƒe nutoawo me.


Ke esi Yudatɔwo ʋã ŋu la, wotsɔ ablɔmeme vlowo dome ŋutsu vɔ̃ɖia ɖewo kpe ɖe wo ɖokui ŋu, eye esi wona ameawo ƒo zi la, dua me ɖi hoo, eye wova tsi tre ɖe Yason ƒe xɔ nu, eye wodi bena, yewoakplɔ wo ayi ɖe ameha la me.


Ke Yudatɔwo tso Antioxia kple Ikonio va afima, eye esi woƒoe ɖe amehawo nu la, woƒu kpe Paulo, eye wohee do go tso dua me hebu xa bena, eku.


Ke esi Yudatɔwo kpɔ amehawo la, woyɔ fũ kple ŋuʋaʋã eye wogblɔ busunya tsi tre de nusiwo Paulo gblɔ la ŋu.


Ke esi Yudatɔ, siwo le Tesalonika, se bena, Paulo gblɔ mawunya la fia le Beroia hã la, wova afima hã, eye wode zi amehawo me hele woƒe tame blum.


Ke esi Galio nye du me dziɖula le Axaya la, Yudatɔwo tsɔ nu sɔsɔe tsi tre ɖe Paulo ŋuti, eye wokplɔe va ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ


Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia eyama dzi.


Eye le ŋkeke siawo me la Petro tsi tre ɖe nɔviawo titina (ameha, si ƒo ƒu la, nu anɔ alafa ɖeka kple blave), eye wògblɔ bena;


Ke duametɔwo ma, ɖewo de Yudatɔwo dzi, eye bubuwo le apostolowo dzi.


Eye esi trɔ̃subɔlawo kple Yudatɔwo kpakple woƒe dziɖulawo ɖo bena, woadze wo dzi, be woadi gbɔ wo, eye woaƒu kpe wo la,


Elabena miawo, nɔviwo, miezu Mawu hame, siwo le Yudea le Kristo Yesu me la, srɔ̃lawo; elabena miawo hã míekpe fu mawo ke tso mia ŋutɔwo mia dumeviwo gbɔ, abe alesi woawo hã wokpee tso Yudatɔwo gbɔ la ene;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite