Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 14:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Gake la medzudzɔ ɖaseɖiɖi le eɖokui ŋuti o, le esime wòwɔa nyuie, eye wòna tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo, eye wotsɔ nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Ke hã la, medzudzɔ ɖaseɖiɖi tso eɖokui ŋuti o, elabena ewɔa nu nyuiwo na mí; enaa tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo kpakple nuŋeɣiwo, eye wòna nuɖuɖu geɖe mí hetsɔ dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũu.”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 14:17
35 Referans Kwoze  

Mi Zion-viwo, mitso aseye, ne miakpo dzidzɔ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu; elabena atso tsidzadza ayra mi, ana adatsi kple keletsi nadza ɖe mia dzi abe tsa ene.


amesi naa tsidzadza anyigba, eye woɖoa tsi ɖe lãnyiƒewo.


ekema mana ada kple kele nadza ɖe miaƒe anyigba dzi le edzaɣi, eye aƒo bli, wein kple ami nu ƒu;


Mawɔe woazu afutime; womaɖe eŋu o, eye womaga eme o, ke boŋ aŋɔkawo kple ŋuwò amie ɖe eme; eye made se na alilikpowo be, womagadza tsi ɖe edzi azɔ o.


De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti do la dzi;


Mayra woawo kple nye togbɛ ƒe nutowo me, eye mana tsi nadza ɖe edzaɣi, yayra ƒe tsi wòanye.


eye womegblɔ le woƒe dzi me be: mina míavɔ̃ Yehowa, mía Mawu, amesi na tsi dzana, adametsi kple keletsi ɖe wo dzaɣi la o, eya amesi wɔ nuŋeɣi ƒe kwasiɖawo dzi na mí pɛpɛpɛ.


Yehowa enye dɔmenyotɔ na amewo katã, eye eƒe nublanuikpɔkpɔ gbagba ɖe eƒe dɔwɔwɔwo katã dzi.


Yehowa aƒo eƒe nu nyuiwo nu ƒu na wò, aʋu dziƒo nu, be tsi nadza ɖe wò anyigba dzi le edzaɣi, eye woayra wò asinudɔwɔwɔwo katã, ale be nado nu na dukɔ geɖewo, ke wò ŋutɔ mado nugbana o.


ekema mana tsi nadza na mi le edzaɣi, anyigba awɔ nu, eye agblemetiwo atse ku.


Gake milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwo nu nyui, miɖo nu, eye migakpɔ mo na exɔxɔ o, ekema miaƒe fetu alolo, eye mianye dziƒoʋitɔ la ƒe viwo, elabena eya hã ƒe dɔme nyo na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo.


Ɖe tsinala le dukɔwo ƒe trɔ wo domea, eye ɖe dziƒo ate ŋu ana tsi nadza? De menye wò Yehowa ye nye mía Mawu oa? Asiwò nu kpɔm miele, elabena wòe wɔ nusiawo katã!


Dawid ƒe nufiameha na henɔ la,


Elabena egblɔna na sno bena: Dza ɖe anyigba dzi! eye na tsidzadza gã be: Ɖuɖu yoo!


Woxɔ nu sesẽwo kple anyigba wɔnuwo, eye woxɔ aƒe, siwo me kesinɔnu geɖewo le fũ, kple vudo ɖeɖewo, weingblewo kple amitiwo kpakple ati tseku ɖuɖuawo taŋtaŋ; woɖu nu ɖi ƒo ɖa ami, eye wonɔ agbe vivi le wò kesinɔnu geɖeawo me.


Esi eteƒe didi la, Yehowa ƒe gbe va Eliya gbɔ lɔ ƒe etɔna me bena: Yi ɖatsɔ ɖokuiwò fia Axab, eye mana tsi nadza ɖe anyigba dzi.


bena ne miazu mia Fofo, si le dziƒo la, ƒe viwo; elabena eyae nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.


ke agbeɖuɖu kple dzidzɔkpɔkpɔ li: wole nyi wum, wole ale tsom, wole lã ɖum, eye wole wein nom! Mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ miele kuku ge!


Elabena eya wòtsɔna hea to na dukɔwo, eye wònaa nuɖuɖu wo kpaekpaŋ.


Ame geɖewo le gbɔgblɔm be: Ameka ana míakpɔ nu nyui kple ŋku? Oo, Yehowa, na wò ŋku me kekeli naklẽ ɖe mía dzi!


Miele nu nyam na? Miele nu sem oa? Ɖe wometoe na mi tso gɔmedzedzea ke oa? Ɖe mielé ŋku ɖe anyigba ƒe agunu ŋu oa?


Eye esi wogblɔ nya siawo la, bebli hafi woxe mɔ na amehawo, bena womesa vɔ na wo o.


eye wòwɔ bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba da ƒe ŋku me: eye wòɖo azãgbewo kple woƒe nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite