Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 13:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye esi woɖo Salami la, wogblɔ mawunya la fia le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo me; eye Yohanes hã le wo ŋu abe woƒe subɔla ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Esi wova ɖo du si woyɔna be Salamis me la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe, eye wogblɔ mawunya le afi ma. Yohanes nɔ wo ŋu abe kpekpeɖeŋunala ene.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 13:5
20 Referans Kwoze  

Ke woawo la wotsa tso Perge, eye wova ɖo Antioxia le Pisidia. Eye woyi ɖe ƒuƒoƒe me le Sabat-ŋkeke dzi, eye wobɔbɔ nɔ anyi.


Ke Paulo kple Barnaba ƒo nu kple dzideƒo bena: Ele vevie bena, woagblɔ mawunya na mi gbã, ke esi mieɖee ɖa tso mia gbɔ, eye miebu mia ɖokui be, miedze agbe mavɔ la o la, kpɔ ɖa, mietrɔ yi trɔ̃subɔlawo gbɔ.


Eye esi wòyi ɖe ƒuƒoƒe la me la, egblɔ nya kple dzideƒo, eye ɣleti etɔ̃ sɔŋ wòle nu ƒom, eye wòle mawufiaɖuƒe la ŋutinya ƒom ɖe wo nu, ale bena woxoe se.


Eye wòƒo nu le ƒuƒoƒe la le Sabat sia Sabat dzi; eye wòƒoe ɖe wo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo xɔe se.


Eye wòƒo nu na Yudatɔwo kple amesiwo vɔ̃a Mawu le ƒuƒoƒe la kpakple amesiwo doa goe le asi me gbesiagbe.


Eye wòva ve me le Ikonio bena, woa kple eve la woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me, eye woƒo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo dome ame geɖewo xɔe se.


Eye esi wòle eŋuti bum la, eva Maria, Yohanes, si woyɔna be Marko la, dada ƒe xɔ nu, afisi ame geɖewo ƒo ƒu do hele gbe dom ɖa la.


Eye enumake wòɖe gbe ƒã le Yesu ŋuti le ƒuƒoƒeawo me bena, eyae nye Mawuvi.


Luka ɖeɖekoe li kplim. Xo Marko, eye nakplɔe de asi ve; elabena enye kpedeŋutɔ nyui nam le subɔsubɔ gome


Aristarxo, hanyegatɔ, kple Marko, Barnaba srɔ̃nyi, si ŋuti miexɔ ɖu le la — ne eva mia gbɔ la, mixɔe —


Eye Barnaba ɖi bena, yewoatsɔ Yohanes, si woyɔna be Marko la, akpe ɖe yewo ɖokui ŋu.


Eye Barnaba kple Saul, esi wowu subɔsubɔdɔ nu la, wogbugbɔ tso Yerusalem, eye wotsɔ Yohanes, si woyɔna be Marko la, kpe ɖe wo ɖokui ŋu.


Tete wò trɔ tso egbɔ ɖalé nyi eve hewu, eye wòtsɔ nyiawo ƒe ŋutinuwo heɖa lã lae na wo, eye wòtsɔe na ameawo woɖu. Emegbe wòtso dze Eliya yome, eye wòsubɔe.


Neganɔ nenema le mia dome o; ke amesi ke di bena, yeazu amegã le mia dome la, nanye miaƒe subɔla;


Eye Yosafat gblɔ bena: Ɖe Yehowa ƒe nyagblɔɖilaa ɖeke mele afisia, ne míabia gbe Yehowa ase oa? Tete Israel-fia ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka ɖo ŋu gblɔ bena: Elisa, Safat vi, amesi de tsi asi na Eliya la, le afi.


Tete wòvɔ̃, eye wòtso dze mo yi Beer-Seba, si nye Yuda to la, le eƒe agbe ta, eye wògblẽ eƒe ɖekakpui ɖe afima.


Tete Mose tso, eye eƒe subɔla Yosua kpe ɖe eŋu, eye Mose lia Mawu ƒe to la.


Eye esi wòdo eƒe kpeɖeŋutɔwo dome ame eve, Timoteo kple Erasto, ɖo ɖe Makedonia la, eya ŋutɔ tsi Asia ʋee.


Eye du blibo la katã yɔ fũ kple ʋunyaʋunyawɔwɔ, eye woƒu du r--- kple tame ɖeka yi ɖe dukɔ la ƒe takpeƒe, eye wohe Gayo kple Aristarxo, Makedoniatɔ, siwo nye Paulo ƒe mɔzɔhawo la, yii.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite