Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 13:38 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

38 Minya esia azɔ, ŋutsuwo, nɔviwò, bena to nenem me sia dzi wogblɔ nuvɔ̃kekenya fia mi, eye nusiwo katã me womete ŋu tso afia na mi ɖe Mose ƒe se la nu le o la, to eyama me la

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

38 Paulo yi eƒe nuƒoa dzi gblɔ na wo be, “Nɔvinyewo, miɖo to miase nya sia ɖa. Yesu sia tae woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 13:38
29 Referans Kwoze  

eye bena, woaɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ hena nuvɔ̃wo ƒe keke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã la, adze gɔme atso Yerusalem.


Viwo, mele eŋlɔm ɖo ɖe mi; elabena wotsɔ nuvɔ̃wo ke mi le eƒe ŋkɔ ta.


Amesia Mawu do ɖe dzi le eƒe nuɖusi me abe kplɔla kple xɔla ene, bena wòana dzimetɔtrɔ kple nuvɔ̃wo ƒe keke Israel.


amesi me míekpɔ fexexeɖeta, si nye nuvɔ̃keke la le,


amesi me míekpɔ fexexeɖeta la le to eƒe ʋu la me, si nye vodadawo ƒe tsɔtsɔke le eƒe amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ geɖe la nu,


Eyaŋuti miawo hã minyae bena, wodo Mawu ƒe xoxo sia ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ; eye woawo la woaɖo toe.


Eye Petro gblɔ na wo bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mia dome amesiame nana woade mawutsi ta nɛ ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke, eye miaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe wòanye nunana.


Eyama ŋuti nyagblɔɖilawo katã ɖi ɖase le, bena amesiame, si axɔ edzi ase la, akpɔ nuvɔ̃keke to eƒe ŋkɔ la me.


Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!


Eye mate ŋu agblɔ kloe bena, wotso ʋu klo nuwo katã ŋuti le se la nu, eye ne womekɔ ʋu ɖe anyi o la, nuvɔ̃kekea ɖeke manɔ anyi o.


Ke mikɔ dome ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitso ke mia nɔewo, abe alesi Mawu tso ke mi le Kristo me la ene.


ekema mi katã kple Israel dukɔ blibo, la minyae bena, le Yesu Kristo, Nazaretetɔ, ƒe ŋkɔ dzie, amesi miawo mieklã ɖe ati ŋuti, amesi Mawu to ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, le eya me amesia le, tsitre ɖe miaƒe ŋku me, eye eƒe lãme sẽ.


Tete la Petro kple ame wuiɖekɛawo tsi tre, eye wòkɔ eƒe gbe dzi gblɔ na wo bena: Yudea-ŋutsuwo kple mi amesiwo katã nɔa Yerusalem, minya esia, eye mina nye nyawo nayi ɖe miaƒe towo me;


Kwasiɖa blaaɖre woɖo ɖe wò dukɔ kple wò du kɔkɔe la ŋu, ne woaxe mɔ na dzidada, eye woatsi nuvò nu, woalé avu ɖe vodada nu, eye woahe dzɔdzɔenyenye mavɔ vɛ, woaɖo kpe ŋutega kple nyagblɔɖiwo dzi, eye woakɔ nu kɔkɔetɔ ŋu.


Aƒetɔ Yehowa be: Menye mia tae mele ewɔm ɖo o, minyae loo! Israel ƒe aƒe, ŋu nekpe mi, eye miaƒe mo netsi dã le miaƒe zɔzɔme ta!


Amea ɖeke magafia nu xɔlɔ̃via kple nɔvia agblɔ be: „Dze si Yehowa“ o, elabena wo katã wòadze sim tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi, Yehowa ye gblɔe; elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo, eye nyemagaɖo ŋu woƒe nuvɔ̃wo azɔ o.


Israel, kpɔ mɔ na Yehowa, elabena amenuveve geɖe le Yehowa si, eye ɖeɖe bɔ ɖe esi!


Elabena gbɔwò tsɔtsɔke le, ne woavɔ̃ wò.


Dawid ƒe nufiameha. Woayra amesi wotsɔ eƒe dzidadawo kee, amesi ƒe nuvɔ̃wo dzi wotsyó nui.


Ke azɔ la subɔsubɔ, si nyo wu sã la, su esi, abe alesi wònye nubabla, si nyo wu, eye woɖoe anyi ɖe ŋugbedodo, siwo nyo wu la, dzi la ƒe avuléla ene.


Le ɣemaɣl la vuɖo aʋu na Dawid ƒe aƒe la kple Yerusalemtɔwo ɖe nuvɔ̃ kple makɔmakɔnyenye ŋu.


Ke ne menɔ alea o hã la, fia, nyae be, míele wò mawuwo subɔ ge akpɔ gbeɖe o, eye mlaɖo gbe ɖa na sikalegba, si nèli anyi la o.


Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite