Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 13:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Elabena Dawid, esi wòsubɔ Mawu ƒe tameɖoɖo le ye ŋutɔ ŋɔli la, edɔ alɔ̃; eye wotsɔe mlɔ fofoawo gbɔ, eye wòkpɔ nyunyɔ;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

36 “Esi David wɔ eƒe agbemedɔ vɔ abe ale si Mawu dii ene la, eku, woɖii ɖe fofoawo dome, eye eƒe ŋutilã ƒaƒã ɖe tome.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 13:36
33 Referans Kwoze  

Ŋutsuwo kple nɔviwo! Mɔ li be, magblɔ nya na mi kple dzideƒo le tɔgbui Dawid la: ŋuti, bena eku, eye woɖii, eye eƒe: yɔdo le mía dome vaseɖe egbegbe.


Eye Dawid mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe Dawid ƒe du la me.


Esi woɖee ɖa la, ena Dawid tsi tre, be wòanye fia na wo, amesi ŋuti hã wòɖi ɖase le gblɔ bena: „Mekpɔ Dawid, Isai vi la, ŋutsu, si dze nye dzi ŋu, amesi lawɔ nye lɔlɔ̃nu katã.“


Ne wò azã de, eye nèmlɔ fofowòwo gbɔ la, ekema maɖo viwò, si ɖo tso wò ali me la, ɖe yowòme, eye mana eƒe fiaɖuƒe nali ke.


Ale Dawid du fia ɖe Israel blibo la dzi, eye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple afiatsotso le esi na eƒe dukɔ blibo la.


Ekema amesiwo dɔ alɔ̃ le Kristo me la, hã tsrɔ̃.


Eya megbe la eɖe eɖokui fia nɔvi, siwo wu ame alafa atɔ̃ la zi ɖeka, amesiwo dome geɖeawo le agbe vaseɖe fifi, ke amea ɖewo hã ɖɔ alɔ̃.


Yesu gblɔ bena: Mikɔ kpe la da! Amesi ku la ƒe nɔvinyɔnu Marta gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, eƒaƒã xoxo, elabena exɔ ŋkeke ene sɔŋ.


Esia nye amesiwo ɖoa ŋu ɖe wo ɖokui ŋu la, ƒe zɔzɔme, eye woƒe nya dzea wo yometɔwo ŋu. Sela.


— elabena woƒe agbe ƒeƒle xɔ asi ŋutɔ, eye aɖo kpoe tegbee, —


Wo kple eve la womlɔ wo nɔewo gbɔ le ke me, eye nyẽwo ɖi ba ɖe wo dzi.


ne meyɔ yɔdo be fofonye, eye nyẽwo be danye kple nɔvinyenyɔnu la,


Eye Uziya mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe agble me le fofoawo gbɔ lɔƒo le fiawo ɖiƒe, elabena wogblɔ be: Anyie wòdze. Eye via Yotam zu fia ɖe eteƒe.


Eye Yosafat mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖu ɖe fofoawo gbɔ le Dawid ƒe du la me, eye via Yoram zu fia ɖe eteƒe.


Eye Rexabeam mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe Dawid ƒe du la me, eye via Abiya zu fia ɖe eteƒe.


Eye Salomo mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe fofoa Dawid ƒe du la me, eye via Rexabeam zu fia ɖe eteƒe.


Ne wò ŋkekewo de, nèyi fofowòwo gbɔ la, ekema mado wò dzidzimevi, si tso viwòwo dome la, yowòme, eye mali ke eƒe fiaduƒe.


Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!


Ke, nɔviwo, míele didim bena, mianɔ numanyamanya me le amesiwo dɔ alɔ̃ la ŋuti o, bene miagaxa nu, abe ame bubu, siwo mɔkpɔkpɔ meli na o la ene o.


Elabena nyemegbe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo blibo la katã gbɔgblɔ fia mi o.


Menye egbe o, menye etsɔ o, esime Saul nye fia la, wòe kplɔa Israel doa goe gakplɔnɛ gbɔnɛ, eye Yehowa, wò Mawu la, gblɔ na wò bena: Wòe le nye dukɔ Israel kplɔla nye ge, eye wòe anye amegã de nye dukɔ Israel nu.


Eku amegã belibeli hafi ku, eye agbenɔnɔ, kesinɔnu kple bubu ti kɔ nɛ, eye via Salomo zu fia ɖe eteƒe.


Ke Saul kpɔ dzidzɔ le eƒe wuwu ŋuti. Eye le ŋkeke ma ke dzi yometiti gãa ɖe va hame, si le Yerusalem la dzi, eye wo katã woka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria-nutoawo me, negbe apostolowo koe mele me o.


Enumake amesi xɔ talento atɔ̃ la, yi ɖatrɔ le wo dzi, eye wòɖe vi talento atɔ̃ ɖe wo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite