Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 13:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Elabena amesiwo le Yerusalem kple woƒe dziɖulawo, esi womedze si amesia kple nyagblɔɖilawo ƒe gbe, siwo woxlẽna le Sabat sia Sabat dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 Ame siwo le Yerusalem kple woƒe dumegãwo, esi womedze si ame sia kple nyagblɔɖilawo ƒe nya siwo woxlẽna le Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 13:27
25 Referans Kwoze  

Eye azɔ la, nɔviŋutsuwo, menya bena, miewɔe le numanyamanya me abe miaƒe dziɖulawo hã ene.


Elabena nɔvinyewo, nyemele didim bena, nenem nya ɣaɣla sia nanɔ manyamanya ɖe mi o, bene miagabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o bena, dzimesesẽ va Israel ƒe amea ɖewo dzi, halase esime trɔ̃subɔlawo ƒe dedeme blibo la nava yi ɖe eme,


Elabena tso blema ke Mose ƒe gbeƒãɖelawo le du sia du me le esime be, woxlẽnɛ le ƒuƒoƒewo le Sabat sia Sabat dzi.


alesi miaƒe nunɔlagãwo kple dumegãwo ɖee asi, be woatso kufia nɛ, eye woaklãe ɖe ati ŋuti.


amesiwo dome xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu le la, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.


ke wona woƒe tamesusuwo sẽ. Elabena vaseɖe egbegbe sia la nutsyɔnu sia gale nubabla xoxo ƒe xexlẽ la dzi, eye womekloe o, elabena woɖenɛ ɖa le Kristo me.


si xexe sia me dziɖulawo dometɔa ɖeke medze sii o, elabena ɖe wodze sii la, anye ne womeklã ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o.


Eye esi woɖo ŋkeke nɛ la, ame geɖewo va egbɔ le eƒe dzeƒe la, amesiwo wògblɔ nya la na hele ɖase ɖim le mawufiaɖuƒe la ŋuti, eye wòle eƒom ɖe wo nu le Yesu ŋuti tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me tso ŋdikanya vaseɖe fiẽ.


Ke woawo esiawo katã ɖe mia ŋuti le nye ŋkɔ la ta, elabena womenya amesi dom ɖa la o.


nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.


Eye woawɔ esiawo, elabena womenya Fofo la kple nye hã o.


Yesu gblɔ na wo bena: Ne miekɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi la, ekema miadze sii bena, nyee; eye bena nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ abe alesi Fofonye fiãm ene la, nu mawo ke megblɔna.


Eye wògblɔ bena: Petro, mele egblɔm na wò bena: Koklo mele atɔ ku ge egbea, hafi nasẽ nu zi etɔ̃ bena, yemenyam o.


Eye Yesu ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Mieda ƒu, elabena mienya ŋɔŋlɔawo kple Mawu ƒe ŋusẽ la o.


Miawo miesusu vɔ̃ ɖe ŋunye, ke Mawu trae wòzu nyuie, be yeawɔe axɔ ame geɖe ɖe agbe, abe alesi miele ekpɔmi egbegbe ene.


Eye esi Pilato yɔ nunɔlagãwo kple amegãwo kpakple dukɔ la ƒo ƒu la,


Miele ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito; elabena miesusu bena, miekpɔa agbe mavɔ le wo me, eye woamawo nye nusiwo le ɖase ɖim le ŋutinye;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite