Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 13:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye esia megbe wotsɔ ʋɔnudrɔ̃lawo na wo anɔ ƒe alafa ene kple ƒe blaatɔ̃ sɔŋ, vaseɖe nyagblɔɖila Samuel dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Nu siawo yi edzi anɔ abe ƒe alafa ene blaetɔ̃ (450). Le esiawo megbe la, Mawu na ʋɔnudrɔ̃lawo ɖu dukɔa dzi va se ɖe Nyagblɔɖila Samuel dzi.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 13:20
9 Referans Kwoze  

Eye Yehowa ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo, amesiwo ɖewo tso adzowɔlawo si me.


Eye Israel blibo la tso Dan vaseɖe Beerseba nyae bena, Yehowa bu Samuel nyateƒetɔe, eye wòɖoe nyagblɔɖilae.


Eye nyagblɔɖilawo katã tso Samuel dzi vaseɖe amesiwo katã dze eyome dzi, ame geɖe alesi nu ƒo nu la, wogblɔ nya fia le ŋkeke siawo hã ŋuti.


Afisiafi, si menɔ Israel blibo la dome to la, de megblɔ na Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la, siwo medo, be woanyi nye dukɔ la dometɔa ɖe kpɔ be, nukaŋuti mietu sedertixɔa ɖeke nam oa?


Elabena womeɖu ŋutitotoŋkekenyuie sia le ʋɔnudrɔ̃la, siwo drɔ̃ ʋɔnu Israel la ŋɔli kple Israel-fiawo kpakple Yuda-fiawo katã ŋɔli kpɔ o,


tso gbesigbe meɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe nye dukɔ Israel nu la o. Mana gbɔdzɔe wò tso wò futɔwo katã si me, eye Yehowa le gbɔgblɔm na wò be: Yehowa le xa tu ge na wò!


Tete Yehowa ɖɔ Yerub-Baal, Bedan, Yefta kple Samuel ɖa, eye woɖe mi tso miaƒe futɔ, siwo li godoo va kpe la si me, eye miele ablɔɖenyi.


Le ɣeyiɣi, siwo me ʋɔnudrɔ̃lawo le dziɖum la, dɔ va anyigba la dzi. Eye ŋutsua ɖe kple srɔ̃a kpakple viaŋutsu eveawoʋu tso Betlexem-Yuda, bena woaɖanɔ Moab-nyigba dzi.


Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu na Israel; eho aʋa, eye Yehowa tsɔ Mesopotamia-fia Kusan-Risatayim de asi nɛ, eye eƒe alɔ kpe Kusan-Risatayim dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite