Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 13:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye wòtsrɔ̃ dukɔ adre le Kanaan-nyigba dzi, eye wòmã woƒe anyigba me na wo hena domenymyi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Le esia megbe la, Mawu tsrɔ̃ dukɔ adre sɔŋ le Kananyigba dzi, eye wòtsɔ anyigba sia na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 13:19
16 Referans Kwoze  

Ne Yehowa, wò Mawu, akplɔ wò ava anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwo la dzi, eye wòanya dukɔ geɖewo ɖa le ŋgɔwò: Xititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo, dukɔ adre, siwo sɔ gbɔ, eye wosesẽ wu wò,


Enyã dukɔwo le wo ŋgɔ, eye wòdzidze nu ɖe edzi na wo, ne wòanye wo tɔ, eye Israel-toawo nɔ woƒe agbadɔwo me.


Agbadɔ sia hã ɖo mia fofowo si me, eye woawo kple Yosua wotsɔe va dukɔ, siwo Mawu tu asii ɖa tso mia fofowo ƒe ŋku me la ƒe anyigba dzi vaseɖe Dawid ƒe ŋkekeawo dzi,


Esia nye anyigba, siwo nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israel-viwo ƒe ƒomewo ƒe amegãwo dzidze nu ma le Silo le Yehowa ŋku me, le Mawu ƒe agbadɔ la nu. Ale wowu anyigba la mamã nu.


Esia nye anyigba, si nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israel-viwo ƒe toawo ƒe amegãwo ma na Israel-viwo le Kanaan-nyigba dzi.


Amoritɔwo ƒe fia Sixon, Basan-fia Og kple Kanaan-fiaduƒewo katã,


Ɖeviawo yi ɖaxɔ anyigba la wònye wo tɔ, eye nèbɔbɔ anyigbadzitɔ, siwo nye Kanaanitɔwo, de anyi le wo ŋku me; ètsɔ woƒe fiawo kple anyigba dzi dukɔwio siaa de asi na wo, ne woawɔ wo, alesi dze wo ŋu.


Eyome mietso Yordan va Yerixo; tete Yerixotɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Girgasitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo va wo aʋa kpli mi, eye metso wo ɖe asi na mi.


Kpɔ ɖa, memã dukɔ kpɔtɔe siawo ƒe anyigba na miaƒe toawo tso Yordan nu kple dukɔ, siwo katã metsrɔ̃ la gbɔ, vaseɖe ƒu gã la nu le ɣetoɖoƒe.


Tete Yosua dzidze nu ɖe dzi na wo le Yehowa ŋku me le Silo, eye wòmã anyigba la na Israel-viwo wo tɔ wo tɔe.


Eye matsɔ Kanaan-nyigba blibo la katã, si dzi nènye amedzro le la, na wò, be wòanye wò ŋutɔ kple megbewòviwo tɔ tegbee, eye manye Mawu na wo.


Eye Abram kplɔ srɔ̃a Sarai, kple tɔgãyɔvia Lot, eye wotsɔ woƒe kesinɔnuwo katã kple amesiwo katã wokpɔ le Xaran la, eye woʋu, be wòayi Kanaan-nyigba dzi, eye wova Kanaan-nyigba la dzi.


Esi Israel nɔ Xesbon kple eƒe duwo, Aroer kple eƒe duwo, kpakple du, siwo katã le Arnon nu me, ƒe alafa etɔ̃ sɔŋ enye si la, nukaŋuti mienyã wo le ɣeyiɣi siawo me kpɔ o?


Eye wòva me le Israel-viwo ƒe ʋuʋu tso Egipte-nyigba dzi ƒe alafa ene blanyilia me, le esime Salomo ɖu fia ɖe Israel dzi ƒe ene megbe la, ede asi xɔtutu me na Yehowa le ɣlati Ziw, si nye ɣleti evelia dzi.


Eyae dzidze nu na wo, eye eƒe asie tso dzidzeka mãe na wo, anye wo to tegbee, eye woanɔ edzi tso dzidzime yi dzidzime.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite