Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 13:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye esi woxlẽ se la kple nyagblɔɖilawo megbe la, fuƒoƒemegã dɔ ɖo ɖe wo gbɔ gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwo, ne nuxlɔ̃menyaa ɖe le mia si na dukɔa la, migblɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Esi woxlẽ nya tso Mose ƒe Agbalẽ kple Nyagblɔɖilawo ƒe Agbalẽawo me vɔ abe ale si wowɔna ɖaa ene la, ƒuƒoƒemegãwo dɔ ame ɖo ɖe Barnabas kple Paulo gbɔ gblɔ be, “Nɔviŋutsuwo, ne nuxlɔ̃amenya aɖe le mia si na ameawo la, migblɔe, míeɖe kuku.”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 13:15
21 Referans Kwoze  

Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena miaxɔ nuxlɔ̃menya la; elabena nya via ɖewo koe meŋlɔ ɖo ɖe mi.


Elabena tso blema ke Mose ƒe gbeƒãɖelawo le du sia du me le esime be, woxlẽnɛ le ƒuƒoƒewo le Sabat sia Sabat dzi.


Eye ƒuƒoƒe la ƒe amegãwo dometɔ ɖeka, si ŋkɔ nye Yairo la, va, eye esi wòkpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu,


ke amesi le nya gblɔm ɖi la, eƒoa nu na amewo hegblɔa amedoɖeŋgɔgbenya, nuxlɔ̃menya kple akɔfafanyawo.


ne amea ɖe le nu xlɔ̃m la, nena nuxɔxlɔ̃ dzi; amesi naa nu ame la, nena nu le dzimekɔkɔ me; amesi nɔa ame nu la, nedo vevie; amesi kpɔa nublanui na ame la, nekpɔe kple dzidzɔ.


Ŋutsuwo, nɔviwò kple fofowo, miɖo to alesi mele ɖokuinye nu ɖe ge azɔ la na mi.


Tete wo katã wòlé Sostene, ƒuƒoƒe la ƒe amegã, eye woƒoe le ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ. Eye Galio metsɔ ɖeke le nusiawo me o.


Elabena amesiwo le Yerusalem kple woƒe dziɖulawo, esi womedze si amesia kple nyagblɔɖilawo ƒe gbe, siwo woxlẽna le Sabat sia Sabat dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me.


Eye esi wòto afima nutowo me, eye wõxlɔ̃ nu wo kple nya geɖewo la, eva Hela-nyigba dzi.


Ke Krispo ƒuƒoƒe la ƒe amegã kple eƒeme katã woxɔ Aƒetɔ la dzi se; eye Korintotɔwo dome ame geɖe, siwo ɖo toe la, xɔe se, eye wode mawutsi ta na wo.


Ke esi wole nusesẽe geɖe wɔm la, Petro tsi tre, eye wògblɔ na wo bena: Ŋu tsuwo, nɔviwo, mienyae bena, tsã la Mawu dam le mia dome, bena trɔ̃subɔlawo nase nyanyuie la tso nunye me, eye ne woaxɔ ase.


Eye eya gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwò kple fofowo, miɖo to! Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mía fofo Abraham, esime wòle Mesopotamia, hafi wòva nɔ Xaran,


Ke esi wose esia la, etɔ woƒe dzi me, eye wogblɔ na Petro kple apostolo mamleawo bena: Ŋutsuwo kple nɔviwo! Nuka wɔ ge míala?


Ŋutsuwo kple nɔviwo! Mɔ li be, magblɔ nya na mi kple dzideƒo le tɔgbui Dawid la: ŋuti, bena eku, eye woɖii, eye eƒe: yɔdo le mía dome vaseɖe egbegbe.


Eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ya wo katã taŋtaŋ, eye wode asi gbe bubuwo gbɔgblɔ me, abe alesi Gbɔgbɔ la na wo, be woaƒo nui ene.


Ŋutsuwo kple nɔviwo, ele be, woawu ŋɔŋlɔ, si Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ ɖi to Dawid nu la nu le Yuda, amesi zu mɔfiala na amesiwo lé Yesu la ŋuti.


Se la kple nyagblɔɖilawo nɔ anyi vaseɖe Yohanes dzi; tso ekema dzi la wole mawufiaɖuƒe ƒe nyanyuie la gblɔm fia, eye amesiame yi ɖe eme sesẽtɔe.


Ke Yosef, amesi apostolowo yɔna hã be Barnaba, esi ƒe gɔme woɖe bena akɔfafavi, si nye Lewitɔ, amesi wodzi le Kipro la, agble le esi,


ke wona woƒe tamesusuwo sẽ. Elabena vaseɖe egbegbe sia la nutsyɔnu sia gale nubabla xoxo ƒe xexlẽ la dzi, eye womekloe o, elabena woɖenɛ ɖa le Kristo me.


Elabena míaƒe nuxɔxlɔ̃ metso beble alo makɔmakɔnyenye me o, eye mele alakpadada me o,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite