Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 13:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 gblɔ bena: Oo, abosamvi, wò amesi yɔ fũ kple alakpa kpakple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ katã, dzɔdzɔenyenyewo katã ƒe ketɔ, ɖe midzudzɔ Aƒetɔ la ƒe mɔ dzɔdzɔewo tɔtrɔ oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 “Wò Abosam ƒe vi, ame vɔ̃ɖi, wò ameflula si léa fu nu nyui ɖe sia ɖe, ɣe ka ɣie nàdzudzɔ tsitretsitsi ɖe Aƒetɔ la ƒe mɔ dzɔdzɔe la ŋu?

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 13:10
23 Referans Kwoze  

Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.


wònye nyanyuie bubua ɖeke meli o, negbe bena amea ɖewo li, siwo blu miaƒe tame, eye wole didim be, yewoadze ŋe Kristo ƒe nyanyuie la.


Ke mele vɔvɔ̃m bena, amea ɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe adaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo tso dzimekɔkɔ, si miekɔ na Kristo la me mahĩ?


ke abɔ la enye xexe la me, eye nuku nyui la enye fiaɖuƒe la ƒe viwo; ke gbe wuwluiawo nye vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo;


Efrayim, legbawo ƒe nya kae tsɔ gbɔnye? Mede toe, eye melé ŋku de eŋu. Sesewu dama menye, dzinye nakpɔ wò kutsetsewo le.


Amesi ke le nuvɔ̃ wɔm la, eya tso Abosam me; elabena Abosam wɔa nuvɔ̃ tso keke gɔmedzedzea me ke. Esia ŋuti Mawuvi la ɖe eɖokui fia, bene yeagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo.


Baba na mi sefialawo! Elabena mietsɔ nunya ƒe safui la dzoe, mia ŋutɔwo mieyi ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme la, miexe mɔ na wo.


Esime wogblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi la, wotre mɔ, eye wodze Bileam, Beor vi, amesi lɔ madzɔmadzɔnyenye ƒe fetu la yome;


eye le mia ŋutɔwo dome la ŋutsu, siwo gblɔa nya dàdawo la, latsi tre, be woahe nusrɔ̃lawo de wo ɖokui yome.


Ke baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, bena mietua dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu; elabena mia ŋutɔwo mieyina ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme hã la, mieɖea mɔ na wo be, woayi o.


Elabena dzi mee nu vɔ̃ɖi susuwo, amewuwuwo, ahasiwowowo, matrewɔwɔwo, fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo kple ɖiŋudodowo doa go tsona.


Eye esi wòkpɔ farisitɔ kple zadukitɔ geɖewo va eƒe mawutsidedetaname gbɔ la, egblɔ na wo bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã?


Egblɔ bena: Amesi le ɣli dom le gbeadzi la ƒe gbe menye: „Midzra Aƒetɔ ƒe mɔ la ɖo“ abe alesi nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ene.


Eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Mi egbe farisitɔwo, mieklɔa kplu kple agba ŋuti, ke mia me yɔ fũ kple adzodada kple vɔ̃ɖinyenye.


Ke migakɔ nu le „Yehowa ƒe agba“ dzi azɔ o; elabena amesiame ƒe nya azu agba nɛ, le esi mietrɔ gbo Mawu gbagbe, Yehowa Zebaot, mía Mawu la ƒe nyawo ta.


Esia nye vɔ̃ gã le nusiwo katã dzɔna le ɣea te la dome be, nye ɖeka tɔgbe dzɔna ɖe amewo katã dzi; eyata vɔ̃ɖiwɔwɔ yɔa amegbetɔviwoƒe dzi me, eye aɖaʋadzedze le woƒe dzi me le woƒe agbenɔɣi katã; ke emegbe la woayi kukuawo gbɔ.


Eye esi dzi ɖo eƒo le Yehowa ƒe mɔwo dzi la, eɖe nuxeƒewo kple Aserawo ɖa le Yuda.


Elabena metiae, bena wòade se na emegbeviwo kple eƒe me katã bena, woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋuti, eye woawɔ nu dzɔdzɔe kple nu nyui, bena ne nusi ŋugbe Yehowa do la, nava me na Abraham.


Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.


bene míaganye ɖevi, siwo nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, eye wònyama wo to amewo ƒe beble la me to aɖaŋu vɔ, si nu sẽ la me, le nudadafiafia ƒe amebeblemɔ la nu o,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite